Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Psalmowo 72:4 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 Atso afia na dukɔ la ƒe hiãtɔwo, axɔ na ame daheviwo, eye wòato ŋutasẽla nyanyanya.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

4 Aʋli ame siwo ƒe dzi gbã la ta, axɔ na hiãtɔwo ƒe viwo, eye wòagbã ameteɖetola la nyanyanya.

Gade chapit la Kopi




Psalmowo 72:4
23 Referans Kwoze  

Adrɔ̃ ʋɔnu na ame dahewo le dzɔdzɔenyenye me, eye woatso afia na anyigba dzi hiãtɔwo ɖe eteƒe; atsɔ eƒe nu me likplɔ aƒo ŋutasẽla la, eye woatso eƒe nu me gbɔgbɔ awu ame vɔ̃ɖi lae.


Elabena ele tsitre ɖe ame dahe la ƒe nuɖusi me, ne yeaxɔe tso amesiwo le fɔ bumee la si me.


elabena eƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ nye nyateƒetɔ kple dzɔdzɔetɔ; elabena edrɔ̃ ʋɔnu gbolo gã, si tsɔ eƒe gbolowɔwɔ gblẽ anyigba dzi la, eye wòbia eƒe dɔlawo ƒe ʋu ƒe hlɔ̃ le esi.


Eye wokpɔ nyagblɔɖilawo kple ame kɔkɔewo kpakple amesiwo katã wowu le anyigba dzi la, ƒe ʋu le eme.


Dzi nedzo mi le eta, wò dziƒo kple mi ame kɔkɔewo kple mi apostolowo kple mi nyagblɔɖilawo; elabena Mawu dra mia nya na mi hebia hlɔ̃e.


Ŋkunɔwo le nu kpɔm, eye tekunɔwo le azɔli zɔm, anyidzelawo ŋuti le kɔkɔm, eye tokunɔwo le nu sem, ame kukuwo le tsi tre tsim, eye wole nyanyuie la gblɔm fia ame dahewo.


Eye esi wòtu gbemagbe la, alẽ ɖihiã, siwo lé ŋku ɖe ŋunye la, dze sii bena, Yehowa ƒe nya wònye.


Menyi alẽ, siwo woɖo ɖi na wuwu, eye woɖi hiã ŋutɔ le alẽwo dome la. Metsɔ atikplɔ eve; meyɔ ɖeka be, „dɔmefafa“, eye meyɔ evelia be, „ɖekawɔwɔ“, eye menyi alẽawo.


Elabena wòtɔ dzo amesiwo ƒo aʋazi la ƒe afɔkpawo katã kple awu, siwo wobliba ɖe ʋu me la, eye dzo afiã wo.


Fia nyanu ɖea vovo ame vɔ̃ɖiwo me, emegbe wònana wona luƒotasiaɖam toa wo dzii.


Yehowa, wogbã wò dukɔ la nyanyanya, eye wole wò domenyinu la ɖe anyi,


Àtsɔ gatikplɔ ato wo nyanyanya, eye agbã wo ahe zemela ƒe ze ene!


Egbãa ŋusẽtɔwo gudugudu, eye wòtsɔa bubuwo ɖoa wo teƒe.


Ɣekaɣi mianɔ nuxaxa dom na nyee luʋɔ, eye miatsɔ nyawo agbãm nyanyanya ase ɖo?


Kpɔ ɖa, nye dɔla enye si, malée ɖe te, nye ame tiatia, si ƒe nu nyo ŋunye! Meda nye gbɔgbɔ ɖe edzi, ne woahe nye ɖoɖowo ayi na dukɔwo.


Maɖe aƒla ŋeŋe la le enu o, eye matsi ɖovu bibi fiɖifiɖi la o. Ahe ɖoɖo la ayii le nyateƒe me.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite