Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Psalmowo 72:2 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Adrɔ̃ ʋɔnu wò dukɔ ɖe eteƒe kple wò hiãtɔwo alesi dze.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

2 Adrɔ̃ ʋɔnu na wò dukɔ la le dzɔdzɔenyenye me, eye wòatso afia nyui na ame siwo ƒe dzi gbã la.

Gade chapit la Kopi




Psalmowo 72:2
18 Referans Kwoze  

Kpɔ ɖa, fia aɖu fia ɖe dzɔdzɔenyenye nu, eye amegãwo aɖu dzi ɖe ʋɔnudɔdrɔ̃ nu.


Eye mekpɔ dziƒo le nuvo; eye kpɔ ɖa, mekpɔ sɔ ɣia ɖe, eye woyɔ amesi doe la be nuteƒewɔla kple nyateƒea, eye wòdrɔ̃a ʋɔnu, eye wòwɔa aʋa le dzɔdzɔenyenye me;


dzɔdzɔenyenye ƒe dɔwɔwɔ anye ŋutifafa, eye dzɔdzɔenyenye ƒe viɖe anye gbɔdzɔe kple dziɖeɖi tegbee.


Aƒetɔ la gblɔ nya ɖo ɖe Yakob, eye wòva ƒo ɖe Israel dzi,


amesiwo gblɔna be: Míaƒe aɖewo doa ŋusẽ mí, míaƒe nuyiwo li kpli mí, ameka nye aƒetɔ de mía nu?


Eya, amesi medea amegãwo dzi o, eye meɖia kesinɔtɔwo ƒe nya wua ame dahewo tɔ o, elabena wo katã la eƒe asinudɔwɔwɔ wonye.


Le ŋkeke mawo me le ɣemaɣi la mana atidzedze dzɔdzɔe nadze na Dawid, eye woawo nu dzɔdzɔe, si le eteƒe le anyigba dzi.


Israel ƒe Mawu la ƒo nu, Israel ƒe agakpe la gblɔ nam bena: Amesi ɖu amegbetɔwo dzi dzɔdzɔe kple amesi ɖu dzi le mawuvɔvɔ̃ me la,


Esi Israel blibo la se ʋɔnu, si fia la drɔ̃ la, wode asi fia la vɔvɔ̃ me; elabena wokpɔ be, Mawu ƒe nunya le eme hena ʋɔnudɔdrɔ̃.


Woakafu Yehowa, wò Mawu, amesi ŋu wò nu nyo, eye wotsɔ wò ɖo Israel-fiazikpui la dzi. Esi Yehowa lɔ̃ Israel tegbee ŋuti la, eyata wòtsɔ wò ɖo fia, be nadrɔ̃ ʋɔnu, eye nawɔ nu dzɔdzɔe.


Eye na dzi blibo vinye Salomo, ne wòalé wò sewo, nufiafiawo kple ɖoɖowo me ɖe asi wòawɔ nuawo katã aɖe goe, eye woatu fiasã, si ŋu medzra nuawo ɖo ɖo la!


Fia, si drɔ̃a ʋɔnu na ame dahewo le nyateƒe me la, eƒe fiazikpui ali ka tegbee.


Madi esiwo bu, eye makplɔ tsiwo ka hlẽ la agbɔe, mabia abi na esiwo ŋe ala, eye maɖo ŋusẽ esiwo ƒe lãme gblẽ, makpɔ esiwo da ami, kple esiwo ƒe lãme sẽ la ta, eye manyi wo, abe alesi dze ene.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite