Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Psalmowo 71:11 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

11 le gbɔgblɔm be: Mawu gblẽe ɖi, miti eyome, eye milée, elabena xɔnametɔa ɖeke meli o!

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

11 Wogblɔ be, “Mawu gblẽe ɖi, míti eyome, míalée, elabena ame aɖeke mava axɔ nɛ o.”

Gade chapit la Kopi




Psalmowo 71:11
13 Referans Kwoze  

Yehowa, nye Mawu, mesi wò tso, xam tso yonyemetilawo katã si me, eye naɖem,


Eye le gaƒoƒo asiekelia dzi Yesu do ɣli kple gbe sesĩe bena: Eli, eli, lama sabaxtani! si gome enye: Nye Mawu, nye Mawu, nukaŋuti nègblẽm ɖi mahã?


Yehowa, aleke nye ketɔwo sɔ gbɔ ale! Ame geɖewo tso ɖe ŋunye.


Ke ame mamleawo gblɔ bena: Ɖe asi le eŋu! Na ne míakpɔe, abe Eliya ava ɖee ene.


Eyata miɖɔ ɖo! Ne miese kpẽwo, dzewo, ga kasaŋkuwo, seŋkuwo, venɔwo ƒe dzewo kple saŋku ƒomevi vovovowo ƒe ɖiɖi la, ekema miadze klo ado gbe ɖa na legba, si mewɔ la; ke ne mieɖo gbe ɖa nɛ o le ekema woatsɔ nu aƒu gbe ɖe kpodzo bibi la me enumake. Mawu kae ate ŋu aɖe mi tso asinye me?


Mi, amesiwo ŋlɔ Mawu be, midze si esia dzro, ne nyemagavuvu nu, eye ɖelaa ɖeke manɔ anyi o!


Magblɔ na Mawu, nye agakpe, be: Nukaŋuti nèŋlɔm be, eye nukaŋuti maƒo ɖi anɔ yiyim le nye futɔ ƒe teteɖanyi te?


Elabena Yehowa laa nya dzɔdzɔe, eye megblẽa eƒe mawumemewo ɖi o; akpɔ wo ta tegbee, ke woatsrɔ̃ ame vɔ̃ɖiwo ƒe viwo.


Meno ɖevime tsã, eye azɔ metsi, ke nyemekpɔ be, wogblẽ eme dzɔdzɔe ɖi, eye viawo ɖo abologbe kpɔ o.


Eye wova gblɔ na Saul bena: Dawid va Kegila. Tete Saul gblɔ bena: Mawu tsoe de asi nam, elabena eva tu eɖokui ɖe du, si nu agbo kple gameti le la me.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite