Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Psalmowo 71:10 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

10 Elabena nye futɔwo le nu ƒom le ŋunye, eye amesiwo de xa ɖe nye agbe ŋu la, le adaŋu dem kple wo nɔewo

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

10 Elabena nye futɔwo ƒo nu tsi tsitre ɖe ŋunye, eye ame siwo le lalam be yewoawum la, wɔ ɖeka ɖo nugbe ɖe ŋunye.

Gade chapit la Kopi




Psalmowo 71:10
13 Referans Kwoze  

Mese ame geɖewo ƒe ameŋulili kple ŋɔdzi godoo be: „Miɖe egɔme ɖe go, ne miaɖe egɔme ɖe go“! Amesiwo katã nye xɔ̃nyewo la, le xa me ɖe nye anyidzedze ŋu be: Ɖewohĩ ana woblee, eye míaɖi ba ɖe edzi ahabia míaƒe hlɔ̃e.


Elabena kpɔ ɖa, wò futɔwo nyrã, eye wò ketɔwo kɔ ta dzi.


Wole nya trɔm nam gbesiagbe; eye woƒe susuwo katã nye be, woawo vɔ̃ ɖe ŋunye.


Woŋlɔm be le dzi me abe ame kuku ene, eye medi ze gbagbã.


Ke esi ŋu ke la, nunɔlagãwo kple dumegãwo katã de adaŋu le Yesu ŋuti, bena yewoawui;


Ne wogblɔ be: Yi kpli mi, míade xa ɖe ʋukɔkɔɖi ŋu, eye míanɔ adeklo dzi ɖe ame maɖifɔ ŋu naneke mawɔmawɔe,


Edea xa ɖe ɣaɣlɛƒe abe dzata le eve dodoe me ene, edea xa ɖi, be yealé hiãtɔ la, eye wòléa hiãtɔ la henɔa ehem kple eƒe ɖɔ.


Anyigba dzi fiawo tso, eye amegãwo ƒo takpli ɖe aɖaŋu me ɖe Yehowa kple eƒe amesiamina ŋu.


Tete Saul dɔ amewo ɖo ɖe Dawid ƒe me, be woadzɔ eŋu, eye ne ŋu ke la, woawui. Eye Dawid srɔ̃ Mixal gblɔ nɛ bena: Ne mèɖe wò agbe le zã sia me o la, ekema ne ŋu ke la, àku!


Esia nenye nye ketɔwo kple amesiwo le nye gblɔm ɖe ŋunye la, ƒe fetu tso Yehowa gbɔ!


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite