Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Psalmowo 70:2 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Mawu, ɖem; Yehowa, netsɔ naxɔ nam!

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

2 Ŋukpe kple tɔtɔ neva ame siwo le nye agbe yome tim la dzi. Ame siwo le nye gbegblẽ dim la negbugbɔ ɖe megbe kple ŋukpe.

Gade chapit la Kopi




Psalmowo 70:2
13 Referans Kwoze  

Ŋu nekpe amesiwo le dzidzɔ kpɔm le nye dzɔgbevɔ̃e ŋu la, eye woƒe mo netsi dã: vlododo kple ŋukpe nenyẽ tsyɔ amesiwo le asi ƒum akɔ ɖe ŋunye la!


Ŋukpe kple vlododo ava amesiwo le nye luʋɔ dim la dzi, eye amesiwo le nye dzɔgbevɔ̃e bum ɖe tame la, agbugbɔ ɖe megbe, eye woƒe mo atsi dã.


Azɔ, esi wògblɔ na wo bena: Nyee nye esi la, wozɔ gbugbɔɖemegbee, eye wodze anyi.


Kpɔ ɖa, ŋukpe kple vlododo ava amesiwo katã do dɔmedzoe ɖe ŋuwò la dzi, wò ketɔwo atsrɔ̃, eye wo nu ayi.


Nye ketɔwo ata vlododo, eye woado ŋukpe abe awu ʋlaya ene.


Ŋu nekpe amesiwo lé fu nye luʋɔ la, eye wo nu neyi; vlododo kple ŋukpe nenyẽ tsyɔ amesiwo le nye dzɔgbevɔ̃e dim la!


Eyata Yehowa ƒe nya ava me ɖe wo ŋu be. Se ɖe se dzi, se ɖe se dzi, ɖoɖo ɖe ɖoɖo dzi, ɖoɖo ɖe ɖoɖo dzi, afi ʋee, game ʋee, ne woazɔ ahate gbugbɔɖemegbee adze anyi, eye woagbã gudugudu, mɔ̃ aɖe wo, eye asi atu wo.


Yehowa se nye kokoƒoƒo. Yehowa xɔa nye gbedodoɖa alɔ eve.


Meganɔ adzɔge tso gbɔnye o, elabena xaxa tu aƒe; elabena xɔnametɔa ɖeke mele afi o.


Ke wò, Yehowa, meganɔ adzɔge o; nye ŋusẽ, afɔ netsɔ naxɔ nam!


Yehowa, nedze ŋuwò naɖem; Yehowa, netsɔ naxɔ nam!


Mawu, meganɔ adzɔge tso gbɔnye o, nye Mawu, netsɔ naxɔ nam!


Dawid ƒe ha. Yehowa, mele yɔwòm, afɔ netsɔ ɖe ŋunye; se nye gbe, ne mele yɔwòm.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite