Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Psalmowo 7:7 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

7 Tsi tre, Yehowa, le wò dɔmedzoe me; tso ɖe nye ketɔwoƒe agbodzedze ŋu, eye nadzɔ ŋunye, wò amesi ɖo ʋɔnudɔdrɔ anyi la!

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

7 Na be amehawo naƒo ƒu ɖe ŋuwò. Ɖu fia ɖe wo dzi tso dziƒo;

Gade chapit la Kopi




Psalmowo 7:7
13 Referans Kwoze  

elabena eƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ nye nyateƒetɔ kple dzɔdzɔetɔ; elabena edrɔ̃ ʋɔnu gbolo gã, si tsɔ eƒe gbolowɔwɔ gblẽ anyigba dzi la, eye wòbia eƒe dɔlawo ƒe ʋu ƒe hlɔ̃ le esi.


Dzi nedzo mi le eta, wò dziƒo kple mi ame kɔkɔewo kple mi apostolowo kple mi nyagblɔɖilawo; elabena Mawu dra mia nya na mi hebia hlɔ̃e.


Elabena ale ame gã, si ɖo kpo, eli tegbee, eye eƒe ŋkɔ nye kɔkɔe la, gblɔ esi: Mele dzi kple kɔkɔeƒe la, mele amesi wogbã gudugudu, kple amesi ƒe gbɔgbɔ wobɔbɔ de anyi la gbɔ, ne magbɔ agbe amesiwo wobɔbɔ ɖe anyi la ƒe gbɔgbɔ, eye magbɔ agbe amesiwo wogbã gudugudu la ƒe dzi.


Elabena Yehowa lolo, ekpɔa ame bɔbɔɖokui, eye wòdzea si dadala tso adzɔgba.


Yehowa kako le dziƒo wu, tɔ gãwo ƒe howɔwɔ kple atsiaƒu ƒe agbodzedze sesẽ.


Mawu, wò kafukafu de anyigba ƒe mlɔenu abe wò ŋkɔ ke ene. Wò nuɖusi yɔ fũ kple dzɔdzɔenyenye.


Mawunye kple Aƒetɔnye, nyɔ, eye nana ŋute ɖe nye ʋɔnudɔdrɔ̃ kple nye nya ŋu!


Tso afia nam, Mawu, eye nawɔ nye dzre kple dukɔ malɔ̃ame la nam; ɖem tso alakpatɔ kple ame vlo la si me!


Menye vodada ŋuti wole du dzi, eye wodzra ɖo ɖi ɖo o. Nyɔ, nava kpem, eye kpɔ nya la me!


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite