Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Psalmowo 7:3 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 ne womagalem avuvu abe dzata ene, eye xɔnametɔa ɖeke manɔ anyi o!

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

3 O! Yehowa, nye Mawu, ne mewɔ nu sia, eye vɔ̃ lé ɖe nye asiwo ŋu,

Gade chapit la Kopi




Psalmowo 7:3
14 Referans Kwoze  

Ɖem tso nu vlo wɔlawo si me, eye naxɔm tso hlɔmewo si me!


Kpɔ ɖa, wò ŋkuwo kpɔe egbe sia be, Yehowa tsɔ wò ɖe asi nam egbea le agado la me; eye wogblɔ be, mawu wò, ke meve nuwò, eye megblɔ bena: Nyemaɖe asi nye aƒetɔ ŋu o, elabena Yehowa ƒe amesiamina wònye.


Mawu, Mawu Yehowa, Mawu, Mawu Yehowa ŋutɔe nyae, eye Israel hã nanyae: Nenye aglãe miehe, miadze, alo voe míebe, míada ɖe Yehowa ŋu la, ekema megaxɔ mi ɖe agbe egbe sia o!


Ɖe wònye ɖe meɖo nu vɔ̃ɖi ɖe nye dzi me la, anye ne Aƒetɔ la gbe toɖoɖom.


ne èɖe nu manyomanyo, si le asiwò me la ɖa, eye nu madzɔmadzɔa ɖeke mele wò agbadɔ me o la,


Emegbe Dawid tso hedo le agado la me, eye wòdo ɣli ɖe Saul yome gblɔ bena: Nye aƒetɔ fia! Eye Saul nyẽ kɔ, tete Dawid de ta agu, eye wòbɔbɔ.


Saul gblɔ nɛ bena: Nukaŋuti mia kple Isai vi la miebla ɖe ŋunye? Etso abolo kple yi ne, eye nèbia nu Mawu nɛ, ne wòaɖe xa ɖe ŋunye, abe alesi wòle egbe sia enea?


Eyata ve wò dɔla nu, elabena mía kple wò dɔla míeɖo Yehowa ƒe nubabla me. Ne meda vo la, ekema wum, nukaŋuti nakplɔm ayi fofowò gbɔe?


hafi mi katã miebla ɖe ŋunye, eye amea ɖeke meli tofi nam be, vinye bia nu kple Isai vi la o, eye nye nya meɖi amea ɖeke, ne wòafi tofi nam be, vinye na nye futɔ de xa ɖe ŋunye, abe alesi wòle egbe sia ene oa?


Meganɔ adzɔge tso gbɔnye o, elabena xaxa tu aƒe; elabena xɔnametɔa ɖeke mele afi o.


Ke wò, Yehowa, meganɔ adzɔge o; nye ŋusẽ, afɔ netsɔ naxɔ nam!


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite