Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Psalmowo 61:4 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 Elabena ènye sitsoƒe nam kple xɔ tsrala sesẽ le futɔ la ŋku me.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

4 Medi vevie be manɔ wò agbadɔ me tegbee, eye mabe ɖe wò aʋala ƒe fafaƒe. Sela

Gade chapit la Kopi




Psalmowo 61:4
18 Referans Kwoze  

Nu ɖeka mebia Yehowa, esi le dzroyem, be manɔ Yehowa ƒe me le nye agbe me ŋkekewo katã me, eye makpa Yehowa ƒe vivisesewo katã kple ŋku, eye mayi tame le eƒe gbeɖoxɔ me.


E, dzɔgbenyuie kple amenuveve adze yonyeme le nye agbe me ŋkekewo katã me, eye mana Yehowa ƒe me ɖaa.


Dzram ɖo abe gadaglamakui le ŋkuvi me ene; ɣlam ɖe wò aʋala ƒe vɔvɔli te


Atso eƒe fu atsyɔ dziwò eye eƒe aʋala fe nabe ɖo; akpoxɔnu gã kple ɖagbitɔ enye eƒe nyateƒe la.


Ne medo ŋku dziwo le nye aba dzi, ne menya le zã, eye mebu ŋuwò le,


Megagblẽ nu o! Dawid ƒe ha ɖe futamee na henɔ la, le esime wòsi le Saul nu yi agado la me.


Dawid ƒe ha. Yehowa, ameka adze wò gbadɔ me, eye ameka anɔ wò to kɔkɔe la dzi ma?


Yerusalem, Yerusalem, si wu nyagblɔɖilawo, eye wòfɔ kpe ƒu amesiwo wodɔ ɖo ɖe egbɔ! Zi nenie meɖi bena, maƒo viwòwo nu ƒu, abe alesi koklonɔ ƒoa viawo nu ƒu ɖe eƒe aʋala te ene, gake mielɔ̃ o!


Eya koe nye nye aga, nye xɔname kple nye mɔ̃ sesẽ, eyata nyemaʋã o!


Yehowa naɖo wò nuwɔwɔ teƒe na wò, eye fetu dedie le Yehowa, Israel ƒe Mawu, si ƒe aʋala te nèva sisi ge tso la, gbɔ na wò!


Amesi ke ɖu dzi la, mawɔe wòanye sɔti le nye mawukɔa me, eye magaɖo go akpɔ o, eye maŋlɔ nye Mawu ŋkɔ kple nye Mawu ƒe ɖu, si nye Yerusalem yeye, si ɖi tso dziƒo tso nye Mawu gbɔ va la, ƒe ŋkɔ kple nye ŋkɔ yeye la ɖe eyama ŋu.


Amesi bɔbɔ nɔ dziƒoʋitɔ la ƒe bebeƒe, eye wòle ŋusẽkatãtɔ la ƒe vɔvɔli te la,


bena míato nu eve, siwo meɖɔlina o, esiwo me Mawu mate ŋu aka aʋatso le o la me akpɔ dzideƒo sesẽ, mí amesiwo sii tso, bene míalé mɔkpɔkpɔ, si wotsɔ ɖo mía ŋku me la, ɖe asi sesĩe;


Ame dzɔdzɔe la atu hlo abe deti ene, eye wòade dzi abe sederti le Libanon dzi ene.


Mose, Mawu ƒe ame, ƒe gbedodoɖa. Aƒetɔ, sitsoƒe nènye na mí tso dzidzime yi dzidzime.


Tsɔ ŋkekewo kpe fia la ƒe ŋkekewo, eye eƒe ƒewo netso dzidzime yi dzidzime!


Yehowa ƒe ŋkɔ enye mɔ sesẽ; afima ame dzɔdzɔe la sina yina, eye wònɔa dedie.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite