Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Psalmowo 6:8 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

8 Nuxaxa na nye ŋkuwo le ayi, nu te wo ŋu le nye ketɔwo katã ta.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

8 Mite ɖa le gbɔnye, mi nu vlo wɔlawo, elabena Yehowa se nye avifafa.

Gade chapit la Kopi




Psalmowo 6:8
16 Referans Kwoze  

Eye wòagblɔ bena: Mele egblɔm na mi bena: Nyemenya mi, afisi mietso o; mite ɖa le gbɔnye, mi nu madzɔmadzɔ wɔlawo katã!


Yehowa tsɔ ɖe amesiwo katã yɔnɛ, amesiwo katã yɔnɛ le nyateƒe me la gbɔ.


Mi nu vlo wɔlawo, mite ɖa le ŋunye, ne malé nye Mawu ƒe seawo me ɖe asi.


Ekema nye hã maʋu me na wo bena: Nyemenya mi kpɔ o, mi nu madzɔmadzɔ wɔlawo; mite ɖa le gbɔnye!


Ke wò, Yehowa, enye nye akpoxɔnu kple nye bubu, eye wòe fɔ nye ta ɖe dzi.


Amesi tso gbedodoɖawo kple kukuɖeɖewo le eƒe ŋutilã me nono ƒe ŋkekewo me hekpe ɖe ɣlidodo sesĩ kple aɖatsiwo ŋu va amesi te ŋu xɔe tso ku me la gbɔ, eye wòɖo toe le esi wòvɔ̃a Mawu la ŋuti;


Tete wòagblɔ na amesiwo le mia me la hã bena: Mite ɖa tso gbɔnye, mi amesiwo woƒo fi de; miyi ɖe dzo mavɔ, si wodzra ɖo ɖi na Abosam kple eƒe dɔlawo la me!


Oo Mawu, ne nahawu ame vɔ̃ɖi la ɖe! Mi ŋutsu hlɔ̃dolawo, mite ɖa le gbɔnye!


Zion-dukɔ, si le Yerusalem, meganɔ avifafa dzi o, elabena ave nuwò vavã le wò aƒadodo ta; ne enya see ko la, atɔ na wò.


Elabena eɖe nye luʋɔ tso ku me, nye ŋku tso aɖatsi me kple nye afɔ tso anyidzedze me.


Yi naɖagblɔ na Xizkiya be: Ale Yehowa, fofowò Dawid ƒe Mawu la, gblɔ esi: Mese wò kokoƒoƒo, eye mekpɔ wò aɖatsiwo; kpɔ ɖa, matsɔ ƒe wuiatɔ̃ akpe ɖe wò ŋkekewo ŋu.


gblɔ bena: Oo Yehowa, ɖo ŋu, alesi metsɔ nyateƒe kple ɖzi blibo zɔ le ŋkuwò me, eye mewɔ nu nyui le ŋkuwò me. Eye Xizkiya fa avi kple ɣli.


Ɖe woasi le woƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔ la ta? Mawu, xlã dukɔwo ɖe anyi le dɔmedzoe me!


Nye ŋku tsi vi le nuxaxa ta, eye nye ŋutilã ŋu nuwo katã le abe vɔvɔli ene.


Ve nunye, Yehowa, elabena meɖo xaxa me, nuxaxa na nye ŋku, luʋɔ kple ŋutilã lé ayi.


Ese nya ɣli, megaɖe wò to da te nye kokoƒoƒo ŋu nagbe akɔfata nam o.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite