5 Yehowa, trɔ kɔ, ne naɖe nye luʋɔ, xɔ nam le wò amenuveve la ta!
5 Ame aɖeke meɖoa ŋku dziwò ne eku o. Ame kae kafua wò tso eƒe yɔdo me?
Menye ame kukuwoe akafu Yehowa o, alo amesiwo katã yi aʋli me la o;
Nusianu, si wò asi ate ŋu awɔ la, wɔe kple wò ŋusẽ; elabena nuwɔwɔ alo tamebubu, sidzedze alo nunya mele tsieƒe, afisi yi ge nala o.
Yehowa, wò yɔm mele; Yehowa, wòe mele koko ƒom na be:
Nyemaku o, ke boŋ mana agbe axlẽ Yehowa ƒe ɖówɔwɔwo afia.
Ele nam bena, mawɔ amesi dɔm ɖa la ƒe dɔwɔwɔwo, zi alesi ŋkeke li; zã gbɔna dodo ge, le esi me amea ɖeke mate ŋu awɔ dɔ o.
Yehowa, trɔ kɔ dzro! Vaseɖe ɣekaɣie? Eye na wò dɔme natrɔ de wò dɔlawo ŋu!
Tete meyɔ Yehowa ƒe ŋkɔ be: Oo Yehowa, ɖe nye luʋɔ!