Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Psalmowo 6:4 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 Dzidzi ƒo nye luʋɔ ŋutɔ! Eye wò Yehowa, vaseɖe ɣekaɣie?

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

4 O! Yehowa, trɔ ɖe ŋunye, eye nàɖem; ɖem, le wò lɔlɔ̃ si meʋãna o la ta.

Gade chapit la Kopi




Psalmowo 6:4
20 Referans Kwoze  

Mía Mawu, ƒu to anyi nase nu, eye nake ŋku akpa alesi míetsi gbegbee, kple du, si ŋu woyɔ wò ŋkɔ ɖo la ɖa; elabena menye míaƒe dzɔdzɔenyenye ta mlehɔhɔ mía ɖokui ɖe anyi le koko ƒom na wò ɖo o, ke boŋ le wò nublanuikpɔkpɔ geɖe la tae.


Yehowa, tso, naɖakpe wo, ƒu wo anyi, eye ɖe nye agbe tso ame vɔ̃ɖi la si me kple wò yi,


Tso mia fofowo ŋɔli ke mieƒo asa na nye ɖoɖowo, eye miewɔ wo dzl o. Mitrɔ ɖe ŋunye, ekema nye ha matrɔ ɖe mia ŋu, Yehowa Zebaot ye gblɔe! Eye ne miebe: Aleke míatrɔe hã la,


Yehowa adzɔ ŋuwò tso vɔ̃wo katã me, adzɔ wò luʋɔ ŋu.


Tete meyɔ Yehowa ƒe ŋkɔ be: Oo Yehowa, ɖe nye luʋɔ!


Yehowa, trɔ kɔ dzro! Vaseɖe ɣekaɣie? Eye na wò dɔme natrɔ de wò dɔlawo ŋu!


Gbeha vuvui, eye gbemelãwo ɖui.


Ke wò, Yehowa, meganɔ adzɔge o; nye ŋusẽ, afɔ netsɔ naxɔ nam!


bene woakafu eƒe amenuveve ƒe ŋutikɔkɔe, esi wotsɔ ve mia nu le lɔlɔ̃vi la me,


Kpɔ ɖa, veve zu xɔname nam, ètsɔ lɔlɔ̃ he nye luʋɔ tso gbegblẽ ƒe do me, elabena ètsɔ nye nuvɔ̃wo katã ƒu gbe ɖe megbewò.


Yehowa, de nye luʋɔ tso aʋatsonuyi kple alakpaɖe si me!


Elabena eɖe nye luʋɔ tso ku me, nye ŋku tso aɖatsi me kple nye afɔ tso anyidzedze me.


Elabena wò amenuveve sɔ gbɔ ɖe dzinye, eye nèɖe nye luʋɔ tso keke tsiẽƒe ʋi ke.


Amesiwo bɔbɔ nɔ agbo nu la, le nu ƒom le ŋunye, eye ahamulawo le ha dzim deyem.


Megaɖo ŋu nye ɖevimenuvɔ̃wo kple nye dzidadawo o, ke boŋ ɖo ŋku dzinye le wò amenuveve kple wò dɔmenyo ta, Yehowa!


Yehowa, vaseɖe ɣekaɣi naŋlɔm be ɖikaɖika, eye vaseɖe ɣekaɣi naɣla wò ŋku me ɖem?


Mawu, ɣekaɣi ketɔ la anɔ vlo dom, eye futɔ la anɔ alɔme ɖem le wò ŋkɔ ŋu ɖikaa ase do?


Yehowa, ɣekaɣi nado dziku ɖaa ase ɖo, eye wò ŋuʋaʋã nabi abe dzo ene?


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite