Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Psalmowo 6:2 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Oo, Yehowa, megaka mo nam le wò dɔmedzoe me o, eye megahe to nam le wò dziku me o!

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

2 Yehowa, kpɔ nublanui nam, elabena nu te ŋunye. O! Yehowa, yɔ dɔm, elabena nye ƒuwo le veve sem.

Gade chapit la Kopi




Psalmowo 6:2
21 Referans Kwoze  

Eyata mina míagatrɔ ɖe Yehowa ŋu; elabena eyae vuvu mí, eye agada gbe le mía ŋu, eyae de abi mía ŋu, eye agablae ne mí.


Ve nunye, Yehowa, elabena meɖo xaxa me, nuxaxa na nye ŋku, luʋɔ kple ŋutilã lé ayi.


Mado wò ɖe dzi, Yehowa, elabena wòe hem ɖo goe, eye mèna be, nye futɔwo kpɔ dzidzɔ ɖe ŋunye o.


Yehowa, yɔ dɔm, ne mahaya, xɔ nam, ne woaɖem, elabena wòe nye nye kafukafu.


Kpɔ ɖa, nyateƒe, si le dzi me la, nèdina, eyata ɖe nunya fiam le adzame!


Miele ekpɔm azɔ be, nye ɖeɖe koe ti, eye mawua ɖeke mekpe ɖe ŋunye oa? Mewua ame, eye megbɔa agbee, meƒoa ame, eye meyɔa ɖoe, eye womate ŋu aɖe amea ɖeke tso asinye o.


Mexa gobaa, eye mebi ŋutɔ, meƒo ɖi le yiyim ŋkekeawo katã.


Elabena wò aŋutrɔwo ɖo agu ɖe menye, eye wò asi te ɖe dzinye.


Elabena esi mezi ɖoɖoe la, nye ŋeŋe atraɖi na nye ƒuwo nyonyo.


Eye Abraham ɖe kuku na Mawu ɖe Abimelex kple srɔ̃a kple atsusiawo katã ta, eye wòyɔ dɔ wo, bena woate ŋu adzi vi.


Eye eƒe ŋkɔ ɖi hoo le Siria blibo la katã; eye wotsɔ amesiwo katã ƒe lãme gblẽ, kple amesiwo le dɔ bubu ƒomeviwo lém, kple amesiwo le fu kpem, kple amesiwo me gbɔgbɔ vɔ̃wo le la, kple kpeŋuikulawo kple lãmetututɔwo katã va egbɔ, eye wòda gbe le wo ŋu.


Woke woƒe nu ɖe ŋunye abe dzata, si le xɔxlɔ̃m hele nu vuvum ene.


Elabena edea abi eme ŋu, eye wògablanɛ, eƒoa ame, eye eƒe asi daa gbe le eŋu.


Tete Mose ɖo ɣli na Yehowa bena: Ao, yɔ dɔe dzro!


gblɔ bena: Ne eɖo to Yehowa, wò Mawu la ƒe gbe pɛpɛpɛ, eye nèwɔ nusi nyoa eŋu, lé to ɖe eƒe seawo ŋu, eye nèwɔ eƒe ɖoɖowo katã dzi la, ekema nyemate fukpekpe, siwo katã mena wova Egiptetɔwo dzi la, ava dziwò o; elabena nye Yehowa enye wò dɔyɔla.


Mive nunye, xɔ̃nyewo, mive nunye! Elabena Mawu ƒe asi ƒoni.


Yehowa, megaka mo nam le wò dɔmedzoe me o, eye megahe to nam le wò dziku me o!


Yehowa, he to nam, ke megagbɔ me o, eye menye le wò dɔmedzoe me, be natsrɔ̃m ɖa o.“


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite