Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Psalmowo 57:5 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 Nye luʋɔ le dzatawo dome, memlɔ amegbetɔvi, siwo nye adzowɔlawo la dome, amesiwo ƒe aɖuwo nye akplɔ kple aŋutrɔ, eye woƒe aɖe nye yi ɖaɖɛ.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

5 Medo wò ɖe dzi, O Mawu, gbɔ dziƒowo ŋu, na wò ŋutikɔkɔe naklẽ ɖe anyigba blibo la dzi.

Gade chapit la Kopi




Psalmowo 57:5
21 Referans Kwoze  

Elabena sidzedze Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe ayɔ anyigba dzi taŋ, abe alesi tsi yɔ atsiaƒui ene.


Eye wodo ɣli ɖo ɖe wo nɔewo gblɔ bena: Kɔkɔe, kɔkɔe, kɔkɔe enye Yehowa Zebaot! Eƒe ŋutikɔkɔe yɔ anyigba blibo la dzi!


Woakafu eƒe ŋkɔ kɔkɔe la tegbee! Eƒe bubu ayɔ anyigba blibo la dzi fũ! Nenɔ alea, ẽ, nenɔ alea!


Gake zi alesi mele agbe, eye Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe ayɔ anyigba blibo la dzi la, ayɔ anyigba blibo la dzi


Elabena wò amenuveve kɔ ɖatɔ dziƒo, eye wò nyateƒe de alilikpowo gbɔ.


Mawu tso Teman, eye kɔkɔetɔ la tso Paran-towo dzi. Sela. Eƒe ŋutikɔkɔe nyẽ tsyɔ dziƒo, eye eƒe kafukafu yɔ anyigba dzi taŋ.


Woakafu Yehowa ƒe ŋkɔ, elabena eƒe ŋkɔ ɖeɖekoe ɖo kpo, eye eƒe gãnyenye xɔ anyigba dzi kple dziƒo.


Dawid ƒe ha na henɔ la, ne woadzi ɖe Gatitɔwo tɔ nu.


Woabɔbɔ amegbetɔwo ƒe ŋku kɔkɔwo ɖe anyi, eye woate ŋutsuwo ƒe dàda ɖe to, ale be Yehowa ɖeɖeko lanye gã le ŋkeke ma dzi.


Azɔ Yehowa, mía Mawu, ɖe mí tso esi me, ne anyigba dzi fiaɖuƒewo katã nadze sii be, wò ɖeɖe koe nye Yehowa.


ahagblɔ le ɣemaɣi be: Mikafu Yehowa, miyɔ eƒe ŋkɔ, miɖe eƒe nuwɔwɔwo fia le dukɔwo dome, miɖe gbe ƒãe be, eƒe ŋkɔ de dzi.


Woabɔbɔ amegbetɔwo ƒe adegbeƒoƒo ɖe anyi, eye woate ŋutsuwo ƒe dàda ɖe to, ne Yehowa ɖeɖeko nanye gã le ŋkeke ma dzi.


Elabena ana woatrɔ ʋume; àtsɔ wò da adzidze woƒe ŋku mee.


Tete fia Dawid gblɔ na ameha blibo la bena: Salomo, vinye ɖeka, si Mawu fia la, enye ɖekakpui dzaa, eye do la keke ta, elabena menye amegbetɔ ƒe fiasã wònye o, ke boŋ Yehowa, Mawu tae.


Kpɔ ɖa, nya le dodom le wo nu blobloblo be: Amea ɖeke mehele esem o ɖe? Yi le woƒe nuyiwo dzi.


Amesiwo nyre woƒe aɖe abe yi ene, eye wovu woƒe aŋutrɔ, si nye woƒe nya veve heliheli la me,


Amea, ɖewo ƒe nuƒoƒo le abe yitɔame ene; ke nunyalawo ƒe aɖe daa gbe le ame ŋu.


nenema nye dzidzime, si ƒe aɖuwo nye yi, eye eƒe tsyowo nye hɛ, ne woaɖu hiãtɔwo ɖa le anyigba dzi kple ame dahewo ɖa le amegbetɔwo dome.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite