Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Psalmowo 57:4 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 Adɔ ɖa tso dziƒo, ne wòaxɔ nam; ne amesi lɔ gbɔgbɔtsixe ɖe ƒo ɖe ŋunye la, le vlo ɖom hã, Sela; Mawu aɖo eƒe amenuveve kple nyateƒe ɖa.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

4 Mele dzatawo dome, memlɔ lã lénuwo dome, amegbetɔ siwo ƒe aɖuwo nye akplɔwo kple aŋutrɔwo, eye woƒe aɖewo nye yi ɖaɖɛwo.

Gade chapit la Kopi




Psalmowo 57:4
20 Referans Kwoze  

eye mesea dzom kple gbesala, si bi ɖe gbesasa me le ƒe gbe o la ene.


nenema nye dzidzime, si ƒe aɖuwo nye yi, eye eƒe tsyowo nye hɛ, ne woaɖu hiãtɔwo ɖa le anyigba dzi kple ame dahewo ɖa le amegbetɔwo dome.


Aƒetɔ, ɣekaɣi nanɔ ekpɔm kple ŋku ava se ɖo? Ɖe nye luʋɔ tso woƒe gbegblẽ me, kple nye tenu la tso dzatavi si me!


Edo asi ɖa ɖe amesiwo le ŋutifafa me kplii la ŋuti, eye wògblẽ kɔ ɖo na eƒe nubabla.


Amea, ɖewo ƒe nuƒoƒo le abe yitɔame ene; ke nunyalawo ƒe aɖe daa gbe le ame ŋu.


Ɣlam tso eme vɔ̃ɖiwo ƒe takpekpe kple ame vlowo ƒe howɔwɔ me!


le esime Edomtɔ Doeg va to na Saul bena, Dawid le Abimelex ƒe me.


Eye yi ɖaɖɛ do tso eƒe nu me, bena wòatsrɔ̃e adza dukɔwo, eye woatso gatikplɔ akplɔ wo, eye wòafanya weintsetsewo le Mawu, ŋusẽkatãtɔ la, ƒe dɔmedzoedziku ƒe weinfiãnu la me.


Eye aɖe la, dzo wònye; madzɔmadzɔnyenye ƒe xexemee nye aɖe le mía ŋutinuwo dome, eyae ƒoa ɖi ŋutilã blibo la katã, eye wòtɔa dzo agbenɔnɔ ƒe tododo blibo la katã, eye dzomavɔʋe tɔ dzo aɖe la ŋutɔ hã.


Ame vɔ̃ɖi si le dukɔ dahe dzi ɖum la, le abe dzata ɖegbe kple sisiblisi dɔwui ene.


Amesi ɖia aʋatsoɖase le ehavi ŋu la, zũ kple yi kpakple aŋutrɔ ɖaɖɛ wònye.


Wogbɔ le fiẽ le gbe tem abe avũwo ene, eye wole tsa glãla tsam le ɖua me.


Edea xa ɖe ɣaɣlɛƒe abe dzata le eve dodoe me ene, edea xa ɖi, be yealé hiãtɔ la, eye wòléa hiãtɔ la henɔa ehem kple eƒe ɖɔ.


Ne menye nenem o la, ekema dzo nedo tso Abimelex me, ne wòafiã Sixemtɔwo kple Milo-nɔlawo, eye dzo nedo tso Sixemtɔwo kple Milo-nɔlawo me, ne wòafiã Abimelex!


Ŋusẽ le eƒe kɔ me, eye ŋɔdzi le ɣe ɖum le eŋgɔ.


Ɖo wò kekeli kple wò nyateƒe ɖa, ne woakplɔm ayi wò to kɔkɔe la kple wò nɔƒe la gbɔe,


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite