Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Psalmowo 57:2 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Ve nunye, Mawu, ve nunye; elabena gbɔwò meɣla ɖo, eye wò aʋala ƒe vɔvɔli te mehe ɖo, vaseɖe esime gbegblẽ la nu nayi!

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

2 Mawu, Dziƒoʋĩtɔ lae medo ɣli na, Mawu si wɔa ɖoɖo si wòwɔ ɖe ŋunye la dzi.

Gade chapit la Kopi




Psalmowo 57:2
12 Referans Kwoze  

Yehowa awɔe aɖe goe nam. Yehowa, wò amenuveve li tegbee; megagblẽ wò asinudɔwɔwɔwo ɖi o.


esia ke ŋuti meɖoa ŋu ɖo bena, amesi dze do nyui wɔwɔ gɔme le mia me la, eya ke awu enu vaseɖe Yesu Kristo ƒe ŋkeke la dzi,


nadzra mi ɖo blibo le dɔ nyui sia dɔ nyui wɔwɔ me, bena miawɔ eƒe lɔlɔ̃nu; eye wòawɔ nusi dze eŋu la, le mía me to Yesu Kristo dzi, amesi tɔ lanye ŋutikɔkɔe tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me! Amen.


Yehowa, ana ŋuti fafa mí, elabena èwɔ míaƒe do wo katã de goe na mí.


Eyaŋuti, nye lɔlɔ̃tɔwo, abe alesi mieɖoa to ɖaasi ene la, mitsɔ vɔvɔ̃ kple dzodzo nyanyanya wo mia ŋutɔwo miaƒe xɔxɔdɔ la; menye abe esime menɔ mia gbɔ ene la ɖeɖeko o, ke boŋ azɔ, esi nyemele mia gbɔ o la, miwɔe geɖe wu!


Elabena ale ame gã, si ɖo kpo, eli tegbee, eye eƒe ŋkɔ nye kɔkɔe la, gblɔ esi: Mele dzi kple kɔkɔeƒe la, mele amesi wogbã gudugudu, kple amesi ƒe gbɔgbɔ wobɔbɔ de anyi la gbɔ, ne magbɔ agbe amesiwo wobɔbɔ ɖe anyi la ƒe gbɔgbɔ, eye magbɔ agbe amesiwo wogbã gudugudu la ƒe dzi.


Mawu, ve nunye, elabena amegbetɔwo lɔ gbɔgbɔtsixe ɖe ƒo ɖe ŋunye, eye woxaxam ɖo le aʋa wɔm kplim ɣeawokatãɣi!


Dzram ɖo abe gadaglamakui le ŋkuvi me ene; ɣlam ɖe wò aʋala ƒe vɔvɔli te


Nyea mele gbɔgblɔm be: Yehowa, ve nunye, da gbe le nye luʋɔ ŋu, elabena mewɔ nuvɔ̃ ɖe ŋuwò!


Yehowa, ɖem tso nye futɔwo si me, elabena gbɔwò mebe ɖo.


Nye dukɔ, yi ɖe wò xɔgã me, eye nado ʋɔ ɖe ɖokuiwò nu, ɣla ɖokuiwò vie, vaseɖe esime dziku la nu nava yi.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite