Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Psalmowo 53:5 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 Ɖe nu vlo wɔlawo, amesiwo le nye dukɔ ɖum, abe alesi woɖua aboloe ene, eye womeyɔa Mawu o la, medze si esia oa?

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

5 Woawoe ma ŋɔdzi lé, evɔ ŋɔdzinu aɖeke meli hafi o. Mawu gbã ƒu ɖe lãme na ame siwo tso ɖe mia ŋu la; ena ŋukpe lé wo, elabena Mawu gbe wo.

Gade chapit la Kopi




Psalmowo 53:5
22 Referans Kwoze  

Amea ɖeke menyãa ame vɔ̃ɖiwo ɖe nu, hafi wosina o; ke ame dzɔdzɔewo ɖea dzi ɖi abe dzatavi ene.


Made vɔvɔ̃ lã me na mia dometɔ, siwo susɔ ɖe woƒe futɔwo ƒe anyigba dzi, eye aŋgba, si ʋu ya anyẽ wo, eye wòasi, abe alesi wosina le yi nu ene, eye wòadze anyi, wònye amea ɖeke mele wo nyãm o hafi.


Maɖe ŋku ata mi, miaƒe futɔwo asi mí, eye miaƒe adikãtɔwo aɖu mia dzi, eye ne amea ɖeke mele mia nyãm o hã, miade afa du me.


matsɔ Israel-viwo ƒe kukuawo aɖo woƒe legbawo ŋku me, eye makaka miaƒe ƒuwo aƒo xlã miaƒe vɔsamlekpuiwo.


Woayɔ wo be klosalo gbegbea; elabena Yehowa gbe wo.


Alesi woŋlɔa anyigba, eye wokanɛ la, nenema wokaka míaƒe ƒuwo hlẽ na tsiẽƒe ƒe nu me.


Eye ŋɔdzi ɖo asaɖa la kple gbeadzi kpakple aʋakɔ blibo la; dzidzi ƒo dzɔlawo kple afunyilawo, eye anyigba ʋuʋu, elabe ŋɔdzi la tso Mawu gbɔ.


Aƒetɔ, ne ènyɔ la, àdo vlo woƒe nɔnɔme abe drɔ̃ekuku le nyɔnyɔ megbe ene.


Yehowa, nedze ŋuwò naɖem; Yehowa, netsɔ naxɔ nam!


Ŋu nekpe amesiwo le dzidzɔ kpɔm le nye dzɔgbevɔ̃e ŋu la, eye woƒe mo netsi dã: vlododo kple ŋukpe nenyẽ tsyɔ amesiwo le asi ƒum akɔ ɖe ŋunye la!


Ŋukpe kple vlododo ava amesiwo le nye luʋɔ dim la dzi, eye amesiwo le nye dzɔgbevɔ̃e bum ɖe tame la, agbugbɔ ɖe megbe, eye woƒe mo atsi dã.


Dzidzi ƒo wo ŋutɔ le afima, elabena Mawu le dzidzime dzɔdzɔe la dome.


Amesi bɔbɔ nɔ dziƒo la, le nu kom, eye Aƒetɔ la le alɔme ɖem le wo ŋu.


Eka kpɔ le eŋu abe le abɔ ŋu ene, eye wògblẽ eƒe takpeƒe. Yehowa na woŋlɔ ŋkekenyuie kple dzudzɔgbe be le Zion, eye wòdo vlo fia kple nunɔla le eƒe dɔmedzoe heliheli me.


Ŋɔdzigbe ɖi le eƒe to me be: Adzoblasu le ƒoƒo ge ɖe edzi le ŋutifafaɣi me.


Elabena mewɔ wò sue le dukɔwo dome, eye medo vlo wò le amegbetɔwo dome.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite