Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Psalmowo 5:9 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

9 Yehowa, kplɔm le wò dzɔdzɔenyenye la nu le nye ketɔwo ta; ta wò mɔ ɖe ŋgɔnye!

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

9 Womate ŋu axɔ nya siwo doa go tso woƒe nu me la ɖeka pɛ hã dzi ase o, woƒe dzi yɔ fũu kple gbegblẽ. Woƒe ve me le abe yɔdo si le ʋuʋu ɖi la ene, eye wotsɔa woƒe aɖe gblɔa alakpanyawoe.

Gade chapit la Kopi




Psalmowo 5:9
25 Referans Kwoze  

Yɔdo, si le nuvo la, enye woƒe ve me, woƒe aɖewo gblɔa nya vivi ŋanɛŋanɛ; ƒliwo ƒe aɖi le woƒe nuyiwo me;


Zi nenie mi katã mialũ ɖe ame ɖeka dzi, be yewoaƒui anyi abe gli treazã kple gli gbagbã ene?


Elabena woƒe kesinɔtɔwo yɔ fũ kple ŋulasesẽ, duametɔwo ka aʋatso, eye alakpaɖe le nu me na wo.


Amesi vivia nu me na ehavi la, eɖoa ɖɔ na eƒe afɔ.


Wò ɖeka ɖeɖe ko ŋuti mewɔ nuvɔ̃ ɖo, eye nusi nye vɔ̃ le ŋkuwò me la, mewɔ, ne tɔwò nadzɔ le wò nuƒoƒo me, eye ŋuwò nadza le wò ʋɔnudɔdrɔ̃ me.


Baba na mi! Elabena miele abe yɔdo, siwo mele dzedzem o ene, eye amesiwo le wo dzi zɔm la, womenyɛ o.


le esime Edomtɔ Doeg va to na Saul bena, Dawid le Abimelex ƒe me.


Ame ƒe dzi la, alakpatɔ wònye wu nuwo katã, nu gbegblẽ wònye, ameka ahadze sii ma?


Yerusalem, klɔ vɔ̃ɖiwɔwɔ ɖa le wò dzi ŋu, ne woaxɔ na wò. Ɣekaɣi tamesusu vɔ̃ɖiwo nanɔ wò dzi me ase ɖo?


Woɖe dzi ƒo na wo ɖokui ɖe nu vɔ̃ɖi wɔwɔ ŋu, eye woɖo be, yewoatre mɔ̃ ɖe vivime hele gbɔgblɔm be: Amekae le ekpɔ ge?


Mi dukɔ la, miɖo ŋu ɖe eŋu ɣeawokatãɣi, mitrɔ miaƒe dzi ƒo le eŋku me; Mawu enye míaƒe sitsoƒe! Sela.


Elabena womekpɔ mi ɣeaɖekeɣi míele numevivinyawo gblɔm, eye míele alakpa hã dam le ŋukeklẽ ta kpɔ o, abe alesi mienyae ene. Mawue nye ɖaseɖila!


Eye Aƒetɔ la gblɔ nɛ bena: Mi egbe farisitɔwo, mieklɔa kplu kple agba ŋuti, ke mia me yɔ fũ kple adzodada kple vɔ̃ɖinyenye.


Tete mede gbe ƒã le Ahawatɔsisi la nu be, woatsi nu adɔ, ne míabɔbɔ mía ɖokui ɖe anyi le mía Mawu ŋku me, eye míabia afɔ nyui tsɔtsɔ tso esi na mía ŋutɔwo, mía viwo kple míaƒe kesinɔnuwo katã.


Yehowa, fia wò mɔm, eye nakplɔm to toƒe sɔsɔe le nye futɔwo ta!


Te ɖe nye luʋɔ ŋu, eye naxɔe; le nye futɔwo ta dem!


Ame dzɔdzɔe ƒe toƒe to mo ɖeka, eta ame dzɔdzɔe ƒe mo wòdzɔ.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite