Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Psalmowo 5:5 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 Elabena Mawu, si nu tovo wɔwɔ medzea eŋu o la, nènye, nu vɔ̃ɖi wɔla menɔa gbɔwò o.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

5 Ɖokuiŋudzelawo mate ŋu atsi tsitre ɖe ŋkuwò me o; elabena èlé fu nu vlo wɔlawo katã.

Gade chapit la Kopi




Psalmowo 5:5
21 Referans Kwoze  

Yehowa doa ame dzɔdzɔe kpɔna, ke eƒe luʋɔ léa fu ame vɔ̃ɖi kple amesi lɔ̃a ŋutasẽnuwɔwɔ la.


Wowɔ woƒe nu vɔ̃ɖiwo katã le Gilgal; afima melé fu wo le le woƒe nuwɔna vɔ̃ɖiwo ta; manyã wo atso aƒenye me, eye nyemagalɔ̃ wo azɔ o; woƒe amegãwo katã nye aglãdzelawo.


Eyata ame vɔ̃ɖiwo manɔ te le ʋɔnudɔdrɔ̃ me o, eye nuvɔ̃wɔlawo mana te ɖe ame dzɔdzɔewo ƒe ha me o.


Tete wòagblɔ na amesiwo le mia me la hã bena: Mite ɖa tso gbɔnye, mi amesiwo woƒo fi de; miyi ɖe dzo mavɔ, si wodzra ɖo ɖi na Abosam kple eƒe dɔlawo la me!


Migawɔ dukɔ, si nyã ge mala le mia ŋgɔ la, ƒe kɔnuwo o; elabena nusiawo katã wowɔ, eyata wonyã ŋu nam.


Yehowa-vɔvɔ̃ enye sidzedze ƒe gɔmetoto; ke bometsilawo doa vlo nunya kple amehehe.


Wò amesi ƒe ŋkuwo dza, be màte ŋu akpɔ nu yɔ̃ɖi wɔwɔ o, eye màte ŋu alé ŋku ɖe hiãkame ŋu o, nu kaŋuti nèle ame tovo kpɔm kpleŋku, eye nèzi kpi, ne ame vɔ̃ɖi mi amesi nye ame dzɔdzɔe wui la?


Mi bebewuwo, mixɔ ayedzedze na mia ɖokui, eye mi bometsilawo, míxɔ gɔmesese na mía ɖokui!


Ekema nye hã maʋu me na wo bena: Nyemenya mi kpɔ o, mi nu madzɔmadzɔ wɔlawo; mite ɖa le gbɔnye!


Metsrɔ̃ lãkplɔvi etɔ̃ ɖa le dzinu ɖeka me; woƒe nu ti kɔ nam, eye nye nu ti kɔ na woawo hã.


Ne méɖe adzɔgbe kura o la, enye wu esi naɖe adzɔgbe, eye mãwɔ edzi o.


Ɣekaɣi mi gegemewo míalɔ̃ bometsitsi, mi fewuɖulawo miakpɔ dzidzɔ le fewuɖuɖu ŋu, eye mi bometsilawo mialé fu sidzedze ase do?


Ne anyigba kple edzi nɔlawo katã lolo hã, nyee li ke eƒe sɔtiwo. Sela.


Yehowa, ne èbe, yealé vodadawo ɖi la, Aƒetɔ, ameka anɔ te ma?


Mi gegeme, siwo le dukɔ la dome, midze sii, eye mi bometsilawo, ɣekaɣi miadze nunya?


Yehowa, wò nuwɔwɔwo lolo loo, wò susuwo me goglo ŋutɔ.


Dawid tɔ na henɔ la. Abunetɔwo gblɔna le woƒe dzi me be: Mawua ɖeke meli o. Wowɔa nu gbegblẽwo kple nu nyɔŋuwo. Amea ɖeke meli, si woa nu nyui o.


Elabena meʋã ŋu adegbeƒola, esi mekpɔ be, enyona na ame vɔ̃ɖi la.


Elabena ame vɔ̃ɖi tsoa eƒe dzimedidiwo ƒoa adegbee, eye ŋubiala ɖea Yehowa ɖe aga heɖea alɔme le eŋu.


Ame vɔ̃ɖi ƒe zɔzɔme enye ŋunyɔ na Yehowa: ke elɔ̃a amesi tia dzɔdzɔenyenye yome?


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite