Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Psalmowo 49:1 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Korax-viwo ƒe ha na henɔ la.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

1 Mi anyigbadzitɔwo katã, mise esia; mi xexemetɔwo katã miƒu to anyi,

Gade chapit la Kopi




Psalmowo 49:1
22 Referans Kwoze  

Asaf ƒe nufiameha. Nye dukɔ, mise nye nufiame; miƒu le anyi ɖe nye nu me nyawo ŋu!


Amesi ke to li nɛ la, nese nusi Gbɔgbɔ la gblɔ na hameawo bena: Amesi ke ɖu dzi la, mana mana ɣaɣla la ƒe ɖee, eye mana kpe ɣie, eye le kpea dzi la woŋlɔ ŋkɔ yeye ɖi, si amea ɖeke menya o, negbe amesi xɔe la koe.


Amesi ke to li nɛ la, nese nusi Gbɔgbɔ la gblɔna hameawo bena: Amesi ke ɖu dzi la, mana agbeti, si le Mawu ƒe Paradiso me la, ƒe kutsetsee, ne wòaɖu.


Ke megblɔ be: Alo ɖe womesee o mahã? Ẽ, vavãe! Woƒe numegbe ɖi hoo le anyigba blibo la katã dzi, eye woƒe nyawo de xexeme ƒe seƒewo ke.


Alo ɖe Mawu nye Yudatɔwo ɖeɖeko tɔ, eye menye trɔ̃subɔlawo to hã oa? Ẽ, trɔ̃subɔlawo to hã wònye:


Amesi to senu ti nɛ la, nesee.


Anyigba blibo le nevɔ̃ Yehowa; xexemetɔwo katã nesi eƒe ŋku me!


Amesi ke to li nɛ la, nese nusi Gbɔgbɔ la gblɔ na hameawo.


Amesi ke to li nɛ la, nese nusi Gbɔgbɔ la gblɔ na hameawo bena: Amesi ke ɖu dzi la, ku evelia mawɔ vɔ̃a ɖekee o.


Amesi to senu li nɛ la, nesee.


Elabena nye ŋkɔ lolo le dukɔwo dome tso ɣedzeƒe va-seɖe ɣetoɖoƒe, eye woado dzudzɔ ahasa vɔ dzadzɛ na nye ŋkɔ le teƒewo katã; elabena nye ŋkɔ lolo, le dukɔwo dome, Yehowa Zebaot ye gblɔe.


Mi dukɔwo katã, misee, anyigba kple edzl nuwo, miƒu to anyi! Aƒetɔ Yehowa nye ɖasefo ɖe mia ŋu, Aƒetɔ la tso eƒe gbedoxɔ kɔ: kɔe la me!


Egblɔ bena: Nu tsɛ wònye be, nènye nye dɔla, ne nafɔ Yakob ƒe toawo ɖe tsitrenu, eye nakplɔ Israel ƒe amesiwo woɖe la agbɔe; metsɔ wò ɖo kekeli na dukɔwo hã, ne nanye nye xɔname vaseɖe anyigba ƒe mlɔenu ke.


Mi dziƒowo, misee, eye anyigba, ƒu to anyi; elabena Yehowa le nu ƒom bena: Menyi viwo wotsi, eye medo wo ɖe dzi, ke wodze aglã ɖe ŋunye.


Hiã tua dzataviwo, eye dɔ wua wo, ke amesiwo dia Yehowa la, kesinɔnua ɖeke mehiãa wo o.


Korax-viwo ƒe ha na henɔ la, ne woadzi ɖe ɖetugbiwo ƒe gbe nu.


Asaf ƒe ha. Mawu, Yehowa, ŋusẽkatãtɔ la le nu ƒom, eye wòle xexeame yɔm tso ɣe ƒe dzedze me vaseɖe eƒe loɖoɖo me.


Korax-viwo ƒe nufiameha na henɔ la.


gbe, si nyagblɔɖila Yeremya to na Yuda-dukɔ blibo la kple Yerusalemtɔwo katã;


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite