Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Psalmowo 48:10 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

10 Mawu, míele ŋku dom wò amenuveve dzi le wò gbedoxɔ titina.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

10 O! Mawu, wò kafukafu de keke anyigba la ƒe mlɔenu ke abe wò ŋkɔ ene. Wò nuɖusi ɖua fia le dzɔdzɔenyenye me.

Gade chapit la Kopi




Psalmowo 48:10
16 Referans Kwoze  

Elabena nye ŋkɔ lolo le dukɔwo dome tso ɣedzeƒe va-seɖe ɣetoɖoƒe, eye woado dzudzɔ ahasa vɔ dzadzɛ na nye ŋkɔ le teƒewo katã; elabena nye ŋkɔ lolo, le dukɔwo dome, Yehowa Zebaot ye gblɔe.


Woakafu Yehowa ƒe ŋkɔ tso ɣedzeƒe vaseɖe eƒe toɖoƒe!


Ne mèlé se sia ƒe nyawo katã, siwo woŋlɔ ɖe agbalẽ sia me la me ɖe asi hewɔ wo dzi o, eye mèvɔ̃ Yehowa, wò Mawu ƒe ŋkɔ, si ŋu bubu kple ŋɔdzi le o la,


Eye ne Kanaanitɔwo kple anyigbadzitɔwo katã see la, ekema woava kpe ta ɖe mía ŋu, eye woatsrɔ̃ míaƒe ŋkɔ ɖa le anyigba dzi; emegbe ɖe, aleke nawɔ ɖe wò ŋkɔ gã la ta?


megavɔ̃ o, elabena meli kpli wò; ŋɔ megadzi wò o, elabena nyee nye wò Mawu, mali ke wo, makpe ɖe ŋuwò, eye matsɔ nye xoname ƒe nuɖusi alé wò.


Eye mekpɔ dziƒo le nuvo; eye kpɔ ɖa, mekpɔ sɔ ɣia ɖe, eye woyɔ amesi doe la be nuteƒewɔla kple nyateƒea, eye wòdrɔ̃a ʋɔnu, eye wòwɔa aʋa le dzɔdzɔenyenye me;


elabena eƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ nye nyateƒetɔ kple dzɔdzɔetɔ; elabena edrɔ̃ ʋɔnu gbolo gã, si tsɔ eƒe gbolowɔwɔ gblẽ anyigba dzi la, eye wòbia eƒe dɔlawo ƒe ʋu ƒe hlɔ̃ le esi.


Aɖl ameflula la ŋu kpekpekpe, nenye be, lãtsu le eƒe lãha me, eye wode adzɔgbe hetsɔ la nuwɔe wu na Aƒetɔ la! Elabena ale Yehowa Zebaot gblɔ esi: Fia gã menye, eye ŋɔdzi le nye ŋkɔ ŋu le dukɔwo dome.


Yehowa enye dzɔdzɔetɔ le eƒe mɔwo katã me, kple amenuvetɔ le eƒe nuwɔwɔwo katã me.


Eli ŋusẽ anyi na fia, si lɔ̃a nu dzɔdzɔe la, eye nedo nusi dzɔ la te; ena ʋɔnudɔdrɔ̃ kple dzɔdzɔenyenye dzi le Yakob.


Mawu, wò fiazikpui li ɖaa tegbee; wò fiaɖuƒe ƒe fiatikplɔ enye fiatikplɔ dzɔdzɔe.


Elabena Yehowa enye nuteƒewɔla, eye wòlɔ̃a nu dzɔdzɔe wɔwɔ; dzime dzɔdzɔe tɔwo akpɔ eƒe ŋku me.


Eya, Yehowa, enye mía Mawu; eyae drɔ̃e ʋɔnu xexeame katã.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite