Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Psalmowo 48:1 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Korax-viwo ƒe ha.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

1 Yehowa lolo, eye eya koe dze kafukafu le míaƒe Mawu la ƒe du me, le eƒe to kɔkɔe la dzi.

Gade chapit la Kopi




Psalmowo 48:1
31 Referans Kwoze  

Eye wòava me le ŋkeke mlɔeawo me be, Yehowa ƒe aƒe ƒe to la akɔ ta aghɔ towo ŋu, eye wòaƒo togbɛwo ta, eye anyigba dzi dukɔwo aƒo zi ɖe eŋu.


Ale Yehowa gblɔ esi: Magatrɔ ɖe Zion ŋu, eye manɔ Yerusalem. Woayɔ Yerusalem be, „nyateƒeɖu“, eye Yehowa Zebaot ƒe to la be „to kɔkɔe“.


Elabena Yehowa lolo, eye wòdze kafukafu ŋutɔ, ŋɔdzi le eŋu ƒo mawuwo kalã ta.


ne eƒe tɔwo dze agbo, eye wotso futukpɔ, eye towo ʋuʋu le eƒe nyanyrã me hã. Sela.


Yehowa lolo, eye wòdze kafukafu ŋutɔ, eƒe gãnyenye me dzodzro meli o.


Eye mekpe du kɔkɔe, tsi nye Yerusalem yeye la, le ɖiɖim tso dziƒo tso Mawu gbɔ, eye wodzrae ɖo abe ŋugbetɔ, si wɔwɔ leke na hena srɔ̃a ene.


Mawu ƒe du, nya nyui wogblɔ de ŋuwò. Sela.


Eye gbe ɖi tso fiazikpui la me le gbɔgblɔm bena: Mikafu mía Mawu, mi eƒe dɔlawo katã kple mi amesiwo vɔ̃nɛ, mí ɖeviwo kple ame tsitsiwo!


Azɔ ne míakpɔ aƒedo ƒe ŋunyɔnu, si wogblɔ ɖi to nyagblɔɖila Daniel dzi la, anɔ tsitre le kɔkɔeƒea la (amesi le exlẽm la, nèse egɔme),


Mido Yehowa, mía Mawu la, ɖe dzi, eye mide ta agu ɖe eƒe to kɔkɔe la ŋgɔ, elabena Yehowa, mía Mawu la, le kɔkɔe!


Hadzidzi; Korax-viwo ƒe ha. Eƒe agunu le to kɔkɔewo dzi.


Elabena èlolo, eye nèwɔa nukunuwo; wò ɖeɖe koe nye Mawu.


ke boŋ etia Yuda-to la, Zion-to, si wòlɔ̃na.


Dawid ƒe ha. Ha na henɔ la.


Elabena Mawue nye fia ɖe anyigba blibo la dzi, midzi nufiameha!


Korax-viwo ƒe ha na henɔ la, ne woadzi ɖe ɖetugbiwo ƒe gbe nu.


Ke nye la meɖo fianye le Zion, nye to kɔkɔe la dzi.


Ke Zion-to la kple Mawu gbagbe ƒe du, si nye dziƒo Yerusalem kple mawudɔla akpeakpewo ƒe takpekpe


Ke xɔname anɔ Zion-to dzi, anye kɔkɔeƒe, eye Yakob ƒe aƒe la axɔ woƒe domenyinu.


Ale Yehowa Zebaot, Israel ƒe Mawu la, gblɔ esi: Ne megaɖo wò te la, ekema woagblɔ nya sia le Yuda-nyigba dzi kple eƒe duwo me bena: Yehowa ayra wò, wò dzɔdzɔenyenye nɔƒe, wò to kɔkɔe!


Eye woava me be, woaku kpẽ gã la, eye amesiwo bu ɖe Asur-nyigba dzi kple amesiwo wonyã de gbe ɖe Egipte-nyigba dzi la, ava ado gbe ɖa le Yehowa ŋku me le to kokoe la dzi le Yerusalem.


Mía Aƒetɔ la lolo, eƒe ŋusẽ tri akɔ, eye goléƒe mele eƒe nunya ŋu o.


Dawid ƒe ha; xɔ ŋu kɔha.


Eye Lewi-viwo, siwo nye Yesua, Kadmiel Bani, Xasabneya, Serebya, Hodiya, Sebanya kple Petanya, wogblɔ bena: Mitso, ne miakafu Yehowa mia Mawu la, tso mavɔ me yi mavɔ me! Mikafu eƒe ŋkɔ kɔkɔe, si ƒo kafukafu kple ŋkɔxɔxɔwo katã ta.


Korax-viwo ƒe nufiameha na henɔ la.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite