Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Psalmowo 47:8 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

8 Elabena Mawue nye fia ɖe anyigba blibo la dzi, midzi nufiameha!

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

8 Mawu ɖu fia ɖe dukɔwo dzi. Mawu nɔ anyi ɖe eƒe fiazikpui kɔkɔe la dzi.

Gade chapit la Kopi




Psalmowo 47:8
18 Referans Kwoze  

Dziƒo nekpɔ dzidzɔ, anyigba netso aseye, eye woagblɔ le dukɔwo dome be: Yehowa ye nye fia!


Eye mese gbea ɖe le abe ameha gãa ɖe ƒe gbeɖiɖi ene, eye wòle abe tsi geɖewo ƒe gbeɖiɖi ene, eye wòle abe dziɖegbe sesẽwo ƒe gbeɖiɖi ene le gbɔgblɔm bena: Mikafu Yehowa! Elabena Aƒetɔ, mía Mawu, ŋusẽkatãtɔ la, le fia ɖum!


Eyata minɛ miatsɔ dzideƒo ate va eƒe amenuvevezikpui la gbɔ, bene míaƒe asi nasu nublanuikpɔkpɔ dzi, eye míakpɔ amenuveve hena mía xɔxɔ le hiahiãgbe.


Yehowa enye fia! Eta ganyenye, Yehowa ye me, etsɔ ŋusẽ bla ali dzi, eyae li ke xexeame, mana o.


Tɔwòe nye ãlɔ sesẽ, ŋusẽ le wò esi ŋu, eye wò nuɖusi ɖe dzi.


le esi nye tutɔwote gbugbɔ ɖe megbee, wodze anyi, eye wotsrɔ̃ le ŋkuwò me ta.


Eye mekpɔ fiazikpui ɣi gãa ɖe kple amesi bɔbɔ nɔ edzi, amesi ƒe ŋku me anyigba kple dziƒo si tso, eye womegakpɔ teƒea ɖeke na wo o.


Adrɔ̃ ʋɔnu le dukɔwo dome; atsɔ ame kukuwo ayɔ teƒe kekewoe, eye wòagbã ametawo ɖi.


Yehowa enye fia, dukɔwo dzo nyanyanya; ebɔbɔ nɔ Kerubiwo dzi, anyigba ʋanya.


Yehowa nye fia, anyigba netso aseye, ƒukpo geɖeawo nekpɔ dzidzɔ!


Migblɔ le dukɔwo dome be: Yehowa ye nye fia! Xexeame li ke, maʋã o. Àdrɔ̃ ʋɔnu dukɔwo ne eteƒe.


Ɖe gbegblẽ ƒe zikpui, si tsoa hiãkame ɖoa anyi ɖe sea teƒe la, ade ha kpliwòa?


Yehowa lolo le Zion, eye wòɖo kpo de dukɔwo katã dzi.


Yehowa anye fia ɖe anyigba blibo la nu; ɣemaɣi la Yehowa ɖeka ko anɔ anyi, eye ŋkɔ ɖeka ko anɔ eŋu.


Aɖl ameflula la ŋu kpekpekpe, nenye be, lãtsu le eƒe lãha me, eye wode adzɔgbe hetsɔ la nuwɔe wu na Aƒetɔ la! Elabena ale Yehowa Zebaot gblɔ esi: Fia gã menye, eye ŋɔdzi le nye ŋkɔ ŋu le dukɔwo dome.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite