Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Psalmowo 47:1 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Korax viwo ƒe ha na henɔ la.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

1 Miƒo asikpe, mi dukɔwo katã. Mitso aseye ɖe Mawu ŋu kple ɣli.

Gade chapit la Kopi




Psalmowo 47:1
18 Referans Kwoze  

Yehowa, mía Mawu, xɔ na mí, eye naƒo mía nu ƒu tso dukɔwo dome, ne míakafu wò ŋkɔ kɔkɔe la, eye míatsɔ wò kafukafu aƒo adegbee!


Mi anyigbawo katã, mitso aseye ɖe Yehowa ŋu, aseyetsotso neɖi le mia nu, eye midzi kafukafuha!


Elabena ale Yehowa gblɔ esi: Mido dzidzɔɣli ɖe Yakob ŋu, eye mitso aseye ɖe dukɔwo ƒe ta ŋu! Mina kafukafuha naɖi, eye migblɔ be: Yehowa, xɔ na wò dukɔ, na Israel mamlea!


Elabena miaʋu adzo kple dzidzɔ, eye woaɖo mi ɖa le ŋutifafa me. Towo kple togbɛwo atso aseye le mia ŋgɔ, eye gbemetiwo katã aƒu akpe.


Korax-viwo ƒe ha na henɔ la, ne woadzi ɖe ɖetugbiwo ƒe gbe nu.


Etia míaƒe domenyinu na mí, si nye Yakob, amesi wòlɔ̃na la, ƒe adegbeƒonu. Sela.


Tete wòkplɔ fiavi la do goe hetsɔ fiakuku la ɖɔ ne, eye wotsɔ se la de asi nɛ, eye wòɖoe fia hesi ami nɛ; tete woƒu akpe hedo ɣli bena: Fia nenɔ agbe!


Eye Dawid kple Israel ƒe aƒe blibo la te aseye tsom le kpẽ kum hetsɔ Yehowa ƒe aɖaka la yii.


Zion-nyɔnuvi, kpɔ dzidzɔ vevie; Yerusalem-nyɔnuvi, tso aseye! Kpo ɖa, wo fia gbɔna gbɔwò; dzɔdzɔetɔ kple xónametɔ wonye, eye wodo tedzi kple tedzivi, si nye tedzinɔ ƒe vi.


Wò to gã, nenye nuka ke nènye hã, azu gbadzaƒe le Zerubabel ŋku me. Eyama aɖe etamakpe adoe, eye woanɔ ɣli dom be: Eme nenye, eme nenye nɛ!


Tɔsisiwo neƒu akpe, towo katã netso aseye


eye Yuda-ŋutsuwo le aʋaɣli dom. Esi Yuda-ŋutsuwo le aʋaɣli dom; la, Mawu si Yerobeam kple Israel blibo la le Abiya kple Yuda ŋgɔ.


Eye Samuel gblɔ na dukɔ blibo la bena: Miele amesi Yehowa tia na mi la kpɔma? Amea ɖeke mede enu le dukɔ blibo la dome o! Tete dukɔ blibo la tso aseye gblɔ bena: Fia nenɔ agbe!


Zion-nyɔnuvi, tso aseye, Israel, ɖo ɣli; Yerusalem-nyɔnuvi, kpɔ dzidzɔ, natso aseye tso dzi blibo me!


Korax-viwo ƒe nufiameha na henɔ la.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite