Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Psalmowo 44:4 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 Elabena menye woawo ŋutɔ ƒe yi wotsɔ xɔ anyigba lae o, eye menye woawo ŋutɔ ƒe alɔe xɔ na wo o; ke boŋ wò nuɖusi kple wò alɔ kpakple wò ŋku me ƒe kekelie, elabena woƒe nu nyo ŋuwò.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

4 Wòe nye nye Fia kple nye Mawu, wòe he dziɖuɖuwo vɛ na Yakob.

Gade chapit la Kopi




Psalmowo 44:4
14 Referans Kwoze  

Ke Mawue nye fianye tso blema ke, amesi wɔ xɔnamedɔwo le anyigba dzi.


Le wò tsiwo ƒe kɔkɔɖanyi bababa me la tɔɖɔɖɔ yɔ tɔɖɔɖɔ; wò tsi kpakawo kple tsitsotsoewo ŋe ɖe dzinye.


Ke esi Yesu kpɔ bena, ameha la le ɖu ƒum gbɔna la, ewo ɖe gbɔgbɔ makɔmakɔ la ta gblɔ bena: Wò gbɔgbɔ maƒonu kple tokunɔ, mede se na wò, do go le eme, eye tso esia dzi la megayi ɖe eme o!


Elabena weƒe ŋusẽ ƒe atsyɔ̃ nènye, eye míaƒe dzo kɔ de dzi to wò amenuveve me.


Eye esi eƒe dɔme trɔ ɖe eŋuti la edo eƒe abɔ ɖa, eye wòde asi eŋu hegblɔ nɛ bena: Melɔ̃, ŋutiwò nakɔ!


Eye esi wòte va la, elé eƒe alɔnu hekɔe ɖe dzi, eye ŋudza la dzo le edzi, eye wòsubɔ wo.


Israel nekpɔ dzidzɔ ɖe ewɔla ŋu; Zion-viwo netso aseye ɖe woƒe ena ŋu!


Elabena Yehowa enye míaƒe ʋɔnudrɔ̃la, Yehowa enye míaƒe aʋafia, Yehowa enye míaƒe fia, eya aɖe mí.


Yehowa, wò nuɖusi netsɔ de bubu ɖokuiwò ŋu le ŋusẽ me, Yehowa, wò nuɖusi kaka futɔwo hlẽ.


ke boŋ esi Yehowa lɔ̃ mi, eye wòwɔ eƒe atam, si wòka na mia fofowo dzi ta Yehowa tsɔ asi sesẽ kplɔ mi tso kluvinyenyeƒe me, eye wòɖe mi tso Farao, Egipte-fia si me.


eye ɖo ŋku ŋusẽnuwɔwɔ, siwo nèkpɔ kple ŋku, dzesiwo kple nukunuwo, asi sesẽ kple alɔ, si wodo ɖe dzi, siwo Yehowa, wò Mawu, tsɔ kplɔ wò la dzi. Alea ke Yehowa, wò Mawu, awɔ dukɔ, siwo katã vɔ̃m nele lae.


Medɔ teamekplɔɖoewo ɖe mia ŋgɔ, eye wonyã Amoritɔwo ƒe fia eveawo le mia ŋgɔ; menye wò yi kple wò dae wɔe o.


Ede eƒe nuwɔwɔ ƒe ŋusẽ fia eƒe dukɔ la, esime wòtsɔ dukɔwo ƒe domenyinu na wo.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite