Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Psalmowo 44:2 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Mawu, míesee kple míaƒe to, mía fofowo ɖa xo na mí, le nusiwo nèwɔ le wo ŋɔli le blema la ŋuti.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

2 Ètsɔ wò asi nya dukɔwo, eye nètsɔ mía fofowo ɖo wo teƒe. Ègbã dukɔwo gudugudu, ke èna mía fofowo ya dzi ɖe edzi.

Gade chapit la Kopi




Psalmowo 44:2
27 Referans Kwoze  

Ekplɔ wo yii, eye netsɔ wo ɖo to, si nye tɔwò la dzi, teƒe, si nèdzra ɖo be, yeanɔ, Yehowa, kɔkɔeƒe, si nèdzra ɖo kple wò asi, Aƒetɔ!


Enyã dukɔwo le wo ŋgɔ, eye wòdzidze nu ɖe edzi na wo, ne wòanye wo tɔ, eye Israel-toawo nɔ woƒe agbadɔwo me.


Mana nɔƒe nye dukɔ Israel, eye mana wòaɖo zunu anyi, ne wòanɔ eteƒe, eye dzika magatso eƒo azɔ o, eye ame vlowo magatee ɖe anyi azɔ abe tsã ene


Ale Yehowa tsɔ anyigba blibo la na Israel, abe alesi wòka atam na wo fofowo ene, eye woxɔe hetso aƒe ɖe edzi.


Ale Yosua xɔ anyigba blibo la, abe alesi Yehowa gblɔ na Mose pɛpɛpɛ ene, eye Yosua mãe na Israel, to sia to kple etɔ, eye anyigba la kpɔ gbɔdzɔe tso aʋawɔwɔ me.


Etsɔ dukɔwo ƒe anyigbawo na wo, ne woaxe nusi dukɔwo dagba kpɔ la, woanye wo tɔ;


Medɔ teamekplɔɖoewo ɖe mia ŋgɔ, eye wonyã Amoritɔwo ƒe fia eveawo le mia ŋgɔ; menye wò yi kple wò dae wɔe o.


Eye Yosua ɖu fia siawo katã kple woƒe anyigbawo dzi zi ɖeka, elabena Yehowa, Israel ƒe Mawu lae wɔ aʋa na Israel.


Esi wosi le Israel nu hele Bet-Xoron-to ƒe abu ɖim la, Yehowa hlẽ kpe gãwo ɖe wo dzi tso dziƒo vaseɖe Aseka, eye woku; amesiwo kpetsiawo wu la sɔ gbɔ wu esiwo Israel-viwo wu kple yi.


Eye Yosua gblɔ bena: Esia miatsɔ adze sii bena, Mawu gbagbe le mia dome, eye wòle Kanaanitɔwo, Xititɔwo, Xiwitɔwo, Perizitɔwo, Girgasitɔwo, Amoritɔwo kple Yebusitɔwo nyã ge da le mia ŋgɔ vavã.


Ne Yehowa, wò Mawu, akplɔ wò ava anyigba, si dzi yim nèle, be naxɔe wòanye tɔwo la dzi, eye wòanya dukɔ geɖewo ɖa le ŋgɔwò: Xititɔwo, Girgasitɔwo, Amoritɔwo, Kanaanitɔwo, Perizitɔwo, Xiwitɔwo kple Yebusitɔwo, dukɔ adre, siwo sɔ gbɔ, eye wosesẽ wu wò,


Eye wode vɔvɔ̃ anyigba, si dzi wotsa ŋku le la, ŋu na Israel-viwo be: Anyigba, si dzi miede ɖatsa ŋku le la, le edzinɔlawo mim, eye dukɔ, siwo katã le edzi la, nye ame kplalawo sɔŋ.


Dzra se, siwo maɖe na wò egbe la ɖo. Kpɔ ɖa, manyã Amoritɔwo, Kanaanitɔwo, Xititɔwo, Perizitɔwo, Xiwitɔwo kple Yebusitɔwo le ŋgɔwò.


Madɔ téamekplɔɖoewo ɖe ŋgɔwò, bena wòanya Xiwitɔwo, Kanaanitɔwo kple Xititɔwo le ŋgɔwò.


Elabena esi Farao ƒe sɔwo, eƒe tasiaɖamwo kple eƒe sɔɖolawo ge ɖe ƒua me la, Yehowa na ƒu la ŋe tsyɔ wo dzi; ke Israel-viwo zɔ ƒuƒuiƒe to ƒu la me.


eye bene nava xlẽ nusiwo mewɔ Egiptetɔwo kple dzesi, siwo mewɔ le wo dome la, afia viwòwo kple wò tɔgbuiyɔviwo, bena miadze sii be, nyee nye Yehowa.


eye wonyã dukɔ gã, siwo sesẽ wu wò la, le ŋgɔwò, bena yeakplɔ wò ayii, atsɔ woƒe anyigba na wò wòanye wò domenyinu, abe alesi wòzu egbe siawo ene.


Ɖo ŋku gbaɖegbe dzi, eye nabu lãme le blematɔwo ŋu; bia fofowò, ne wòato nya na wò, eye bia wò amegã ɖeɖiwo, ne woagblɔe na wò!


Gideon ɖo ŋu nɛ bena: Tsoo, nye aƒetɔ! Ne Yehowa li kpli mi ɖe, nukaŋuti nusiawo katã dzɔ ɖe mia dzi? Eye afika eƒe nukunu, siwo katã ŋu mía fofowo nɔa dze ɖom le na mí be, Yehowa kplɔ mí tso Egipte la le? Azɔ Yehowa tutu mí ƒu gbe, eye wòtsɔ mí ɖe asi na Midiantɔwo.


etsi tre ɖe agble la titina, eye wòxɔe, eye wòsi Filistitɔwo, eye Yehowa na woɖu dzi gãa ɖe.


Nyɔ, Yehowa ƒe alɔ, nyɔ, eye nata ŋusẽ! Nyɔ abe le tsã ŋkekewo me ene, abe le blema ƒomeawo ŋɔli ene. Ɖe menye wòe fũ Raxab, eye nèƒo nu ɖe boso la oa?


Eye wova hexɔe wònye wo tɔ, ke wogbe toɖoɖo wò gbe, womezɔ ɖe wò seawo nu o, eye womewɔ nusiwo katã ŋu nèɖe se le na wo la o; eyata nèna dzɔgbevɔ̃e siawo katã va wo dzi ɖo.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite