Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Psalmowo 44:12 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

12 Etsɔ mí na, ne woaɖu abe alẽwo ene, eye nèkaka mí ɖe dukɔwo dome.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

12 Ètsɔ wò dukɔ la dzra ho kpɔtsɔe eye mèkpɔ naneke le wo dzadzra me o.

Gade chapit la Kopi




Psalmowo 44:12
10 Referans Kwoze  

Matsɔ wò kesinɔnuwo kple wò nu xɔasiwo ana woaha, eye womaxe fe ɖe wo ta o, le wò nuvɔ̃, siwo katã nèwɔ le wò anyigbawo katã dzi la ta,


Aleke ame ɖeka ate ŋu anyẽ ame akpe, eye ame eve ale ŋu aɖe ame akpe ewo ɖe nu, ne menye woƒe agakpee tsɔ wo dzra, eye ne menye Yehowae tso wo de asi o?


kple botsyo kple ami ʋeʋẽe kple atike ʋeʋẽe kple ami sisi kple lifi kple aha kple ami kple wɔ nyuitɔ kple lu kple aƒemelãwo kple alẽwo kple sɔwo kple tasiaɖamwo kple ame ƒeƒlewo kpakple amewo ƒe luʋɔwo.


Ale Yehowa gblɔ esi: Afika mía dada ƒe asigbegbalẽ, si metsɔ gbee la le? alo ameka nye nye fetɔ, si metsɔ mi dzra na? Kpɔ ɖa, mia vodadawo ta wotsɔ mi dzra, eye le mia dzidadawo ta wogbe mia dada ɖo.


Eyata Yehowa do dɔmedzoe ɖe Israel ŋu, eye wotsɔ wo dzra na Mesopotamia-fia Kusan-Risatayim, eye Israel-viwo subɔ Kusan-Risatayim ƒe enyi sɔŋ.


Eyata Yehowa do dɔmedzoe ɖe Israel ŋu, eye wòtsɔ wo de asi na adzowɔlawo woda adzo wo, eye wotsɔ wo dzra na woƒe futɔ, siwo ƒo xlã wo godoo la; eye womegale ŋu nɔ te ɖe woƒe futɔwo nu o.


Maka mi ahlẽ ɖe dukɔwo dome, eye maɖi yi anɔ mia yomee, miaƒe anyigba azu gbegbe, eye miaƒe duwo azu glikpo.


Yehowa akaka mi ɖe dukɔwo dome, eye mianɔ ʋee le dukɔ, siwo dome Yehowa nyã mi ɖo la dome.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite