Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Psalmowo 43:4 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 ne maɖe Mawu ƒe vɔsamlekpui la kple nye dzidzɔseye ƒe Mawu la gbɔ, eye matsɔ saŋku akafu wò, Mawu, nye Mawu la!

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

4 Ekema mayi ɖe Mawu ƒe vɔsamlekpui ŋgɔ, Mawu si nye nye aseyetsotso kple nye dzidzɔ. O! Mawu, nye Mawu, makafu wò kple kasaŋku.

Gade chapit la Kopi




Psalmowo 43:4
16 Referans Kwoze  

Mele dzidzɔ kpɔm ɖe Yehowa ŋu, nye luʋɔ le aseye tsom ɖe nye Mawu ŋu; elabena eta xɔname ƒe avɔ nam, eye wòdo dzɔdzɔenyenye ƒe awu ʋlaya nam, abe alesi ŋugbetɔsrɔ̃ blaa atsyɔ̃tae kple alesi ŋugbetɔ doa nui la ene.


Nye dzi dze eme, Mawu, nye dzi dze eme; madzi ha, eye maƒo saŋku.


Mikafu Yehowa kple kasaŋkuwo, eye miƒo saŋku ka ewo tɔ nɛ!


Migli kple dzidzɔ ɖe Mawu, si nye míaƒe ŋusẽ la ŋu, eye mitso aseye ɖe Yakob ƒe Mawu la ŋu!


Nye luʋɔ, nukaŋuti nèle nu xam, eye nètsi dzodzodzoe le menye? Kpɔ mɔ na Mawu, elabena magakafui, eya, amesi nye nye xɔnametɔ kple nye Mawu la!


Meklɔ nye asi fɔmaɖitɔe, eye maƒo xlã wò vɔsamlekpui, Yehowa,


Eye Dawid kple Israel ƒe aƒe blibo la le ɣe ɖum kple ŋusẽ katã hele ha dzim ɖe saŋku kple kasaŋku, axatsɛ, nyawowoe kple gakogoe ŋu le Yehowa ŋku me.


Ke menye esia ɖeɖekoe o, hafi míele adegbe ƒom le Mawu me hã to mia Aƒetɔ Yesu Kristo dzi, amesi me miekpɔ avuléle le azɔ.


Eye esime wòxɔ agbalẽa la, nu gbagbe eneawo kple amegã xoxo blave vɔ eneawo tsyɔ mo anyi ɖe alẽvi la ƒe ŋku me, eye saŋkuwo kple sikagba, siwo me yɔ taŋ kple atike ʋeʋẽe, si nye ame kɔkɔewo ƒe gbedodoɖawo la, le wo dome amesiame si.


Fɔ, nye kafukafu; saŋku kple gakasaŋku, mifɔ! Manyɔ agudzedze!


Mawu, Mawunye nènye, eye mele diwòm; tsikɔ le nye luʋɔ wum ɖe ŋuwò, eye nu te nye ŋutilã ŋu ɖe ŋuwò le kuɖiɖinyigba, si dzi ƒu kplakplakpla, eye tsia ɖeke meli o la dzi.


Matso akpa etɔ̃liawo ɖeka aɖe dzo me ahalóloe, abe alesi wolóloa klosalo ene, eye madoe akpa, abe alesi wodoa sika kpɔna ene Woayɔ nye ŋkɔ, eye matɔ na wo; magblɔ be: Nye dukɔ nye esi, eye woawo agblɔ be: Yehowa enye nye Mawu!


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite