Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Psalmowo 43:2 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Elabena wòe nye nye Mawu, amesi nye nye sitsoƒe; nukaŋuti nètu asim ɖa, eye nukaŋuti maƒo ɖi anɔ yiyim le futɔ la ƒe teteɖanyi te?

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

2 Wòe nye Mawu, nye mɔ sesẽ. Nu ka ta nègbem ɖo? Nu ka ta manɔ yiyim, anɔ nu xam le nye futɔwo ƒe teteɖeanyi ta ɖo?

Gade chapit la Kopi




Psalmowo 43:2
17 Referans Kwoze  

Ŋkeke me la Yehowa ɖɔ eƒe amenuveve ɖa, le zã me la eƒe ha le nunye, eye medo gbe ɖa na nye agbe ƒe Mawu la.


Yehowa enye nye ŋusẽ kple nye akpoxɔnu, eya ŋu nye dzi le ŋu ɖom ɖo, eye wòxɔ nam; eyata nye dzi le aseye tsom, eye matsɔ nye ha akafui.


Mlɔeba la, nɔvinyewo, mise ŋu le Aƒetɔ kple eƒe ŋusẽ ƒe ŋutete la me!


ke ŋusẽ yeye ɖoa amesiwo kpɔa mɔ na Yehowa ya ŋu, woɖoa li fu abe hɔ̃ ene, woƒua ɖu metia wo o, wòzɔa azɔli ɖeɖi metea wo ŋu o.


Elabena Yehowa magbe eƒe dukɔ la o, eye magblẽ eƒe domenyinu la di o,


Míetsɔ Mawu le adegbe ƒomi ɖaa, eye míekafu wò ŋkɔ tegbee. Sela.


Matsɔ Yehowa ade agbe wo ŋu, eye woazɔ le eƒe ŋkɔ me, Yehowa ye gblɔe.


ahagblɔ bena: Míaƒe dzɔdzɔenyenye kple ŋusẽ le Yehowa gbɔ; amesiwo katã do dziku ɖe eŋu la, ava egbɔ, eye ŋu akpe wo.


Megblɔ na Yehowa be: Nye Mawu nenye, Yehowa; se nye kokoƒogbe.


Le zã me le mele tame bum le nye kasaŋkuƒoƒo ŋu, nye dzi le ŋugble dem, eye nye gbɔgbɔ le nu me dzrom.


Megagbem le amegãkuɣi o, eye ne nye ŋusẽ nu yi la, megagblẽm ɖi o!


Eye wò, vinye Salomo, dze si fofowò ƒe Mawu la, eye nasubɔe kple dzi blibo kpakple luʋɔ blibo, elabena Yehowa dzroa dziwo katã me kpɔna, eye wonya tamesusuwo katã! Ne èdii la, ana be, nakpɔe; ke ne ègblẽe ɖi la, atsɔ wò aƒu gbe tegbee.


Nye ŋusẽ kple kafukafuha enye Yehowa, elabe eya gbɔ ɖeɖe tso va nam. Nye Mawue, eyata makafui, fofonye ƒe Mawue, eyata madoe ɖe dzi!


Metea ŋu wɔa nuwo katã le Kristo, amesi doa ŋusẽm la me.


Elabena wòe nye nye agakpe kple nye mɔ̃ sesẽ, eye alé nye alɔnu akplɔm le wò ŋkɔ la ta,


Magblɔ na Mawu, nye agakpe, be: Nukaŋuti nèŋlɔm be, eye nukaŋuti maƒo ɖi anɔ yiyim le nye futɔ ƒe teteɖanyi te?


Yehowa, nukaŋuti nètu asi nye luʋɔ ɖa, eye néɣla wò ŋku me ɖem?


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite