Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Psalmowo 42:5 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 Ne meɖo ŋu, alesi menɔa amehawo dome, eye mía kpli wo míeyia Mawu ƒe aƒe la me kple aseyetsotso kple kafukafuhadzidzi le ŋkekenyuieɖulawo ƒe ha me la, nye dzi lólona gbanaa.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

5 O! Nye luʋɔ, nu ka ŋuti nèle nu xam? Nu ka ta nètsi dzodzodzoe le menye ɖo? Tsɔ wò mɔkpɔkpɔ da ɖe Mawu dzi, elabena magakafui, eya ame si nye nye Ɖela kple nye Mawu.

Gade chapit la Kopi




Psalmowo 42:5
28 Referans Kwoze  

Zi kpi na Yehowa kpoo, eye nakpɔ esinu! Dzi megaku wò ɖe amesi ƒe mɔwo dzea dzi nɛ, kple ŋutsu, si nye ayetɔ la ŋu o!


Mawu, se nye ɣli, eye nalé to ɖe nye gbedodoɖa ŋu!


„Kpo da, ɖetugbi, si menya ŋutsu o la, le fu fɔ ge, eye wòadzi ŋutsuvi, eye woayɔ eƒe ŋkɔ be Imanuel, si gome ènye: Mawu li kpli mi.“


Nye ketɔwo lɔ gbɔgbɔtsixe ɖe ƒo ɖaa; eye amesiwo tsɔ dada le aʋa wóm kplim la, sɔ gbɔ ŋutɔ.


Nye luʋɔ, nukaŋuti nèle nu xam, eye nètsi dzodzodzoe le menye? Kpɔ mɔ na Mawu, elabena magakafui eya, amesi nye nye xɔnametɔ kple nye Mawu la!


Ne nye ketɔwo le alɔme ɖem le gbɔgblɔm nam edziedzi be: Afika gɔ̃ wò Mawu le hã la, enɔna abe ŋɔ ɖunue le nye ƒuwo me ene.


Eye Dawid xaxa ŋutɔ, elabena aʋakɔ la be, yeaƒu kpee, elabena dzi ku aʋakɔ blibo la dome amesiame le viaŋutsuwo kple vianyɔnuwo ta; ke Dawid tsɔ eƒe Mawu, Yehowa, do ŋusẽ eɖokui.


Yehowa atrɔ mo ɖe gbɔwò, eye wòana ŋutifafa wò!


Kpɔ ɖa, ele wu ye ge tsã, eya ko sinu kpɔm mele; ke ɖeko mebe, maʋu go nye zɔzɔme ɖe ŋku me nɛ,


Ke nyea manɔ mɔkpɔkpɔ dzi daa, eye madzi wò kafukafu ɖe dzi.


Mawu ana be, makafu nya la, Yehowa ana be, makafu nya la.


Mia dometɔ, si vɔ̃a Yehowa la, neɖo to eƒe dɔla ƒe gbe; amesi le viviti me zɔm, eye kekelia ɖeke meklẽna nɛ o lã, neɖo dzi ɖe Yehowa ƒe ŋkɔ ŋu, eye wòaziɔ ɖe eƒe Mawu ŋu.


Medi Aƒetɔ la le nye xaxaɣiwo me; meke nye abɔwo me le zã, eye womedo agblɔ o; akɔfafa la, toxa ko nye luʋɔ le esem ɖo.


Etsɔ wò asi nyã dukɔwo, ke woawo la èƒo woƒe aganu ɖe to; ègblẽ anyigbadzitɔwo, ke èna woawo keke la.


miaha wo bena, woawɔ nusiwo katã meɖo na mi la; eye kpɔ ɖa, nye la meli kpli mi ŋkekeawo katã vaseɖe xexeame ƒe nuwuwu.


abe xɔ̃nye kple nɔvinyeŋutsu wonye ene; meƒo ɖi ɖo dɔgɔ̃e le yiyim, abe amesi le fu nyim na dada ene.


Tete wògblɔ na wo bena: Nye luʋɔ le nu xam kakaka vaseɖe ku me; minɔ afisia, eye minɔ ŋudzɔ kpakplim.


Nye abiwo le ʋeʋẽm le tsi kplɔm yoo le nye bometsitsi ta.


Miadzi ha abe le ŋkekenyuieɖuɣi ƒe zã me ene, eye miaƒe dzi akpa dzidzɔ abe amesiwo le dze kum le mɔ zɔm heyina ɖe Yehowa ƒe to la, ɖe Israel ƒe agakpe la gbɔ ene.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite