Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Psalmowo 42:10 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

10 Magblɔ na Mawu, nye agakpe, be: Nukaŋuti nèŋlɔm be, eye nukaŋuti maƒo ɖi anɔ yiyim le nye futɔ ƒe teteɖanyi te?

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

10 Nye ƒuwo le veve sem, eye nye ketɔwo le alɔme ɖem le ŋunye, le gbɔgblɔm nam ŋkeke blibo la be, “Afi ka wò Mawu la le?”

Gade chapit la Kopi




Psalmowo 42:10
8 Referans Kwoze  

Tsikɔ le nye luʋɔ wum ɖe Mawu ŋu, ɖe Mawu gbagbe la ŋu; gbekagbe made ahado ɖe Mawu ŋku me?


Nunɔlawo, amesiwo subɔa Yehowa la, nefa avi le akpata kple vɔsamlekpui la domee agblɔ be: Yehowa, kpɔ nublanui na wò dukɔ, eye megahe ŋukpe va wò domenyinu la dzi, ne dukɔwo nanɔ ahama sim ɖe wo ŋu o. Nukaŋuti woanɔ gbɔgblɔm le dukɔwo dome be: Afika woƒe Mawu le hã?


ke wò la, yi ato wò ŋutɔ wò luʋɔ me, bena woaɖe ame geɖewo ƒe dzimesusuwo afia.


Nye ketɔ, amesi le gbɔgblɔm nam be: Afika Yehowa, wò Mawu, le hã la, akpɔe, eye ŋukpe alée. Nye ŋku aɖi ƒo ɖe eŋu, emegbe woafanyae abe ba le kpɔdomee ene.


Amea, ɖewo ƒe nuƒoƒo le abe yitɔame ene; ke nunyalawo ƒe aɖe daa gbe le ame ŋu.


Elabena wòe nye nye Mawu, amesi nye nye sitsoƒe; nukaŋuti nètu asim ɖa, eye nukaŋuti maƒo ɖi anɔ yiyim le futɔ la ƒe teteɖanyi te?


le futɔ la ƒe gbe kple ame vɔ̃ɖi la ƒe ametete ɖe anyi ŋuti; elabena wolɔ gbegblẽ trɔ ɖe dzinye, eye wolé tum le dziku me.


Nukaŋuti nèŋlɔ mí be ɖikaa, eye negblẽ mí ɖi eteƒe didi ale?


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite