Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Psalmowo 41:1 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Dawid ƒe ha na henɔ la.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

1 Woayra ame si tsɔ ɖe le eme na ame dahewo, Yehowa aɖee le xaxaɣi.

Gade chapit la Kopi




Psalmowo 41:1
27 Referans Kwoze  

Amesi ve ame dahe nu la, edo nugbana na Yehowa, eye wòaɖo eƒe nuwɔwɔ teƒe nɛ.


Amesi doa vlo ehavi la, ewɔ nuvɔ̃; ke amesi vea hiãtɔ nu la, woayrae!


Le nuwo katã me metia mi bena, ale wòle be, ame nawɔ dɔ, be wòaxɔ na ame gbɔdzɔgbɔdzɔwo, eye be miaɖo ŋku Aƒetɔ Yesu ƒe nya, siwo eya ŋutɔ gblɔ la dzi bena: „Nana enye yayra wu xɔxɔ.“


Elabena nublanuikpɔkpɔ manɔ ʋɔnudɔdrɔ̃ me na amesi mèfia nublanuikpɔkpɔa ɖeke o; ke nublanuikpɔkpɔ ƒoa adegbe ɖe ʋɔnudɔdrɔ̃ ŋuti.


Elabena Mawu menye madzɔmadzɔtɔ be, wòaŋlɔ miaƒe dɔwɔwɔ kple lalã, si mieɖe fia le eƒe ŋkɔ ta, le esime miesubɔ ame kɔkɔewo, eye miegale edzi le wo subɔm lã be o.


Ŋu makpa wo le ŋkeke vɔ̃wo dzi o, eye woaɖi ƒo le dɔŋɔli.


Enaa nu ame dahewo fũ, eƒe dzɔdzɔenyenye li tegbee, eye eƒe dzo ade dzi le bubu me.


Elabena ame dahewo le mia gbɔ ɖaasi, eye ɣesiaɣi, si mielɔ̃ la, miate ŋu awɔ nyuie na wo; ke nye la nyemeli kpli mi ɖaa o.


Evea ame nu ɣesiaɣi, eye wòdoa nugbana, eye viawo zua yayra.


Le esi nèlé nye dzidonya me ɖe asi ŋuti la, eyata nye hã malé wò ɖe asi le tetekpɔ ƒe gaƒoƒo, si le xexeame katã dzi va ge, be woate amesiwo nɔa anyigba dzi akpɔ la me.


negbe ɖeko bena miaƒe ŋkuwo nanɔ ame dahewo dzi; nusi kekeake nye hã medoa vevie wɔna.


Ke míele nu xlɔ̃m mi, nɔviwo: Migbe nya na nu baɖa wɔlawo, mifa akɔ na dzikatsoƒoetɔwo, mixɔ na gbɔdzɔgbɔdzɔtɔwo, migbɔ dzi ɖi na amewo katã.


Fia ƒe dziku enye ku ƒe dɔla; ke nunyala faa dzi nɛ.


Yehowa tsɔ ɖe amesiwo ƒe dzi gbã gudugudu le gbɔ, eye wòxɔna na amesiwo ƒe gbɔgbɔ woƒo ƒu anyi.


Ɖo ŋku wɔwòla dzi le wò ɖekakpuiŋkekewo me, hafi ne ŋkeke vɔ̃wo nava, eye ƒe, siwo ŋu nele gbɔgblɔ ge le be, womedze ye ŋu o la, nagogo;


Eye lɔ̃xoa biae bena: Afika nèyi ɖafɔe le egbea? Eye afika nèwɔ do le? Woayra amesi bu wò ale! Tete wòto amesi gbɔ wòwɔ dɔ le la, na lɔ̃xoa gblɔ bena: Ŋutsu, si gbɔ mewɔ dɔ le la, ŋkɔ nye Boas.


Yehowa be: Ke maɖe wò le ɣemaɣi, eye womatsɔ wò ade asi na amesiwo le ŋɔ dzim na wò la o;


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite