Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Psalmowo 4:5 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 Dzi neku mi, ke migawɔ nuvɔ̃ o! Miƒo nu le dzi me le míaƒe abawo dzi, eye mizi ɖoɖoe! Sela.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

5 Misa vɔ siwo le dzɔdzɔe, eye miɖo dzi ɖe Yehowa ŋu.

Gade chapit la Kopi




Psalmowo 4:5
19 Referans Kwoze  

Ɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu, eye nawɔ nyuie! Nɔ anyigba dzi, eye naɖi anukware!


Vɔsewo na Mawu wonye gbɔgbɔ, si wote de anyi; Mawu, màdo vlo dzi gbagbã, si tugu la o.


Eyata amesiwo kpea fu le Mawu ƒe lɔlɔ̃nu nu la, natsɔ woƒe luʋɔwo ade asi na wolã nuteƒewɔla la le dɔ nyui wɔwɔ me.


Nya xɔname, nye bubu kple nye ŋusẽ ƒe aga le Mawu gbɔ, eye Mawu me nye sitsoƒe le.


Wokpe dukɔwo va to la gbɔ, afisi wosa vɔ vavãtɔwo le, elabena wole ƒu me kesinɔnuwo kple ketu me nu veviwo ɖe ge.


Eyaŋuti ne etsɔ wò nunana va da ɖe vɔsamlekpuia dzi, eye nèɖo ŋui le afima bena, nyaa ɖe le nɔviwò ƒe dzi me ɖe ŋutiwò la,


Elabena nye Yehowa melɔ̃a nya dzɔdzɔe, eye meléa tu nuhaha vɔ̃ɖi; matu woƒe dɔwɔwɔ ŋu fe na wo pɛpɛpɛ, eye mabia mũ mava kpli wo.


Ne mietsɔ: lã ŋkuagbã va sa vɔe la, miegblɔna be, medze vɔ̃ o; eye ne mietsɔ lã ɖixɔdrɔ̃wo kple lã lédɔwo vɛ la, miegblɔna be, medze vɔ̃ o. Tsɔe yi na wò anyigbanunɔla kpɔ be, wò nu adze eŋu, eye wòalɔ wò nya hã? Yehowa Zebaot ye gblɔe.


Tsɔ akpedada sa vɔ na Mawu, eye naxe wò adzɔgbeɖefe na dziƒoʋitɔ la!


Mia dometɔ, si vɔ̃a Yehowa la, neɖo to eƒe dɔla ƒe gbe; amesi le viviti me zɔm, eye kekelia ɖeke meklẽna nɛ o lã, neɖo dzi ɖe Yehowa ƒe ŋkɔ ŋu, eye wòaziɔ ɖe eƒe Mawu ŋu.


Dawid tɔ. Tso afia nam, Yehowa, elabena fɔɖiɖi mele nye zɔzɔme ŋu o, eye meɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu, nyemeʋã o!


Eye esi Absalom le vɔ sam la, eɖo ame ɖe Dawid ƒe adaŋudela Gilonitɔ Axitofel, le wo de Gilo. Eye nugbeɖoɖo la nu le sesẽm, eye ameha, si le Absalom ŋu la, le agbɔ sɔm de dzi.


Migbugbɔ nu na via, be megado dɔmedzoe, eye miatsrɔ̃ le mɔ ta o! Elabena esusɔ ʋee, eƒe dɔmedzoe nafla. Woayra amesiwo katã sii tso la!


Le zã me le mele tame bum le nye kasaŋkuƒoƒo ŋu, nye dzi le ŋugble dem, eye nye gbɔgbɔ le nu me dzrom.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite