Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Psalmowo 4:1 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Dawid ƒe ha na kasaŋkutɔwo ƒe henɔ.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

1 Nye Mawu dzɔdzɔetɔ, tɔ nam ne meyɔ wò. Na gbɔdzɔem le nye xaxa me; kpɔ nye nublanui, eye nàse nye gbedodoɖa.

Gade chapit la Kopi




Psalmowo 4:1
35 Referans Kwoze  

amesi ɖe mi tso nenem ku gã sia me, eye wogale mía ɖeɖe dzi, eye míele mɔ kpɔm nɛ bena, agaɖe mí hã.


Trɔ ɖe ŋunye, eye nave nunye, abe alesi wòdze amesiwo lɔ̃a wò ŋkɔe la ene.


Trɔ kɔ ɖe ŋunye, eye nave nunye, elabena metsi akogo, eye mele hiã ɖim.


Le eŋɔli woaɖe Yuda, eye Israel ana anyi bɔkɔɔ. Eye ŋkɔ, si woava nɛ la, enye: „Yehowa, míaƒe dzɔdzɔenyenye“.


Mawu, mele yɔwòm, elabena àtɔ nam; lé to ɖe ŋunye, eye nase nye nuƒoƒo!


Aƒetɔ Yehowa enye nye ŋusẽ, awɔ nye afa abe zinɔ tɔ ene, eye wòana mazɔ: kɔkɔƒewo. Na kasaŋkuwo ƒe henɔ.


ahagblɔ bena: Míaƒe dzɔdzɔenyenye kple ŋusẽ le Yehowa gbɔ; amesiwo katã do dziku ɖe eŋu la, ava egbɔ, eye ŋu akpe wo.


Eye megaɖrɔ̃ ʋɔnu wò dɔla o, elabena ŋkuwò me la agbagbea ɖeke menye dzɔdzɔetɔ o.


Megagblẽ nu o! Dawid ƒe ha ɖe futamee na henɔ la, le esime wòsi le Saul nu yi agado la me.


Korax-viwo ƒe nufiameha, si nye lɔlɔ̃ha na henɔ la, ne woatsɔ „Dzogbenya“ ƒe gbeɖiɖi adzii.


Dawid ƒe ha na henɔ la, ne woadzi ɖe „Agudzedzezinɔ“ ƒe gbe ŋu.


Dawid gagblɔ bena: Yehowa, si ɖem tso dzata kple sisiblisi si me la, eya ke aɖem tso Filistitɔ sia si me. Tete Saul gblɔ na Dawid bena: Heyi, Yehowa nanɔ kpli wò!


Nɔviwo, míele didim be, miaƒe xaxa, si miekpɔ le Asia la, nanɔ manyamanya na mi o, bena wowɔ fu mí geɖe ŋutɔ, wu alesi míete ŋu kpee, ale gbegbe be, míetsi dzodzodzoe keŋ le míaƒe agbe ŋuti.


Ke eya ŋuta gbɔ wòtso miele Kristo Yesu me, amesi zu nunya kple dzɔdzɔenyenye kple kɔkɔenyenye kpakple fexexeɖeta, si tso Mawu gbɔ la na mí,


Hadzidzi. Asaf ƒe ha na kasaŋkuwo ƒe henɔ.


Ha na kasaŋkuwo ƒe henɔ.


Korax-viwo ƒe nufiameha na henɔ la.


Matso aseye, eye dzi adzɔm le wò amenuveve ŋuti, le esi nèkpɔ nye hiã, eye nèlé ŋku ɖe nye luʋɔ ƒe xaxa ŋu ta;


eya axɔ yayra tso Yehowa gbɔ kple dzɔdzɔenyenye tso eƒe xɔname ƒe Mawu la gbɔ.


Elabena Yehowa enye nuteƒewɔla, eye wòlɔ̃a nu dzɔdzɔe wɔwɔ; dzime dzɔdzɔe tɔwo akpɔ eƒe ŋku me.


Oo Yehowa, wò dɔla menye, wò dɔla, si nye wò dɔlanyɔnu ƒe vi la, menye; wòe tu nye bablawo.


Yehowa kpɔa amesiwo ŋu wɔna mele o la ta; megbɔdzɔ, ke exɔ nam.


Dawid ƒe ha ɖe futamee na henɔ la, ne woadzi ɖe „Ahɔ̃ne tsi nu maƒo le didiƒe“ ƒe gbe nu, nu le esime Filistitɔwo lée le Gat.


Esia me menyae le be, nye nu nyea ŋuwò, ne nye futɔ magatso aseye ɖe ŋunye o.


Dawid ƒe ha na gbe gã kasaŋkutɔtvo ƒe henɔ.


Aɖe wò hã tso xaxa ƒe ve me ayi teƒe keke, afisi mexaxa o, eye nusiwo ava wò kplɔ̃ dzi la, ada ami nyanyanya.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite