Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Psalmowo 39:7 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

7 Vavã, amegbetɔ le yiyim abe vɔvɔli ene, eye ƒuƒu ŋu ko wòle zi dom ɖo; eli kɔ nu gleglegle, ke menya ameka si me wole yiyi ge ɖe o.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

7 “Aƒetɔ, ke azɔ la, nu ka makpɔ mɔ na? Nye mɔkpɔkpɔ le mewò.

Gade chapit la Kopi




Psalmowo 39:7
12 Referans Kwoze  

Ke mɔkpɔkpɔ ƒe Mawu la natsɔ dzidzɔ kple ŋutifafa katã aye mi taŋ le xɔxɔse me, bene miakpɔ mɔkpɔkpɔ sɔ gbɔ fũ le Gbɔgbɔ kɔkɔe ƒe ŋusẽ me.


Mele abe ŋutsu, si mesea nu o, eye nyakpenyaa ɖeke mele eƒe nu me o la ene.


Nu le nye luʋɔ ŋu le wò xɔnɔme didi me wò nye sinu kpɔm mele.


Yehowa, mele mɔ kpɔm na wò xɔname, eye mewɔa wò seawo dzi.


Yehowa, wò ɖeɖe la ko lalam mele!


Kpɔ ɖa, ele wu ye ge tsã, eya ko sinu kpɔm mele; ke ɖeko mebe, maʋu go nye zɔzɔme ɖe ŋku me nɛ,


Eye kpɔ ɖa, amea ɖe le Yerusalem, si ŋkɔ enye Simeon: amesia enye ame dzɔdzɔe kple mawumeme, si le Israel aƒe akɔfafa lalam, eye Gbɔgbɔ kɔkɔe le eyama dzi.


Edona abe seƒoƒo ene, eye wòyrɔna; esina abe vɔvɔli ene, eye metɔna ɖi o.


Kpao, ke boŋ akpɔe be, nunyalawo kuna, bometsilawo kple abunetɔwo nu yina, eye wogblẽa woƒe nuwo ɖi na ame bubuwo.


Elabena ne amea ɖe tsa nunya, gɔmesese kple aɖaŋu wɔ eƒe ɖɔe la, ele na be, wòagblẽe ɖi na ame bubu, si medze agbagba le eŋu o la, woa zu etɔ. Esia hã tofloko kple vɔ gã wònye.


Amea de eya ɖeka kolia li, eye evelia mekpe de eŋu o, ŋutsuvi alo nɔviŋutsu hã mele esi o, gake eƒe agbagbadzedzewo mewua enu o, eye kesinɔnuwo meɖia ƒo na eƒe ŋkuwo o. Ke ameka la gɔ̃e mehele agbagba dzem, eye mele nu nyui tsrim na ɖokuinye do? Esia hã tofloko kple agbagbadzedze vɔ̃di wònye!


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite