Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Psalmowo 39:2 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Mebe: Malé ŋku ɖe nye zɔzɔme ŋu, ne nyemagawɔ nuvɔ̃ kple nye aɖe o; made ga nye nu, ŋkeke alesi ame vɔ̃ɖi la gale ŋkunye me ko.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

2 Gake esi mezi ɖoɖoe li kpoo, eye nyemele nya nyui aɖeke gblɔm o hã la, nye vevesese do ga ɖe edzi.

Gade chapit la Kopi




Psalmowo 39:2
10 Referans Kwoze  

Elabena miate ŋu agbe nuƒoƒo le nusi miekpɔ kple nusi miese la ŋuti o.


Migatsɔ nu kɔkɔe la na avũwo o, eye migatsɔ miaƒe dzonu nyuiwo hã ƒu gbe ɖe hawo ƒe ŋku me, ne woaganyã avuzi le wo dzi kple woƒe afɔwo, hafi agbugbɔ ava vuvu mi o.


Wowɔ fui, ke ebɔbɔ eɖokui eye meke nu o; abe alẽ, si wokplɔ yina wuwu ge, kple alẽvi, si li kpoo le eƒe fukolawo ŋku me ene la, nenema eya hã meke nui o.


Kpɔ wò aɖe dzi ɖe vɔ̃ ŋu kple wò nuyiwo dzi, ne womagagblɔ alakpanya o!


Yehowa, fia wò ɖoɖo ƒe mɔm, eye malé ŋku ɖe eŋu vaseɖe nuwuwu!


Na gɔmesesem, ne malé ŋku ɖe wò se la ŋu, eye malé eme ɖe asi tso dzi blibo me.


Yehowa, ɖo dzɔla na nye nu, eye nabu nye nuyiwo ƒe mɔnu ŋu!


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite