Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Psalmowo 39:1 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Dawid ƒe ha na henɔ Yedutun.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

1 Megblɔ be, “Malé ŋku ɖe nye mɔwo ŋu, akpɔ nye aɖe dzi be mawɔ nu vɔ̃ o, eye zi ale si ame vɔ̃ɖi la gale ŋkunye me la, made ga nye nu.”

Gade chapit la Kopi




Psalmowo 39:1
21 Referans Kwoze  

Amesi dzraa eƒe nu kple aɖe ɖo la, dzraa eƒe agbe ɖo tso hiã me.


Yehowa, ɖo dzɔla na nye nu, eye nabu nye nuyiwo ƒe mɔnu ŋu!


Ne amea de bua eɖokui bena, mawusubɔla yenye, eye medea ga eƒe ade o, ke wòblea eƒe dzi la, nenem me sia ƒe subɔsubɔ enye dzodzro.


Aleke ɖekakpui alẽ eƒe mɔ atsɔ fɔɖiɖi manɔmee? Ne elé ŋku ɖe eɖokui ŋu ɖe wò nya la nu.


Amekae le agbe dim, amesi lɔ̃a ŋkeke geɖe, be yeakpɔ dzɔ gbenyuie?


Eyata ele na mí bena, míalé to ɖe nusiwo miese la ŋuti geɖe wu, bene miagato eŋuti ayi o.


Ku kple agbe le aɖe si me, amesi dze xɔlɔ̃e, aɖu eƒe kutsetsewo.


ne Yehowa ƒe nya, si wògblɔ ɖe ŋunye la, nava me be: Ne viwòŋutsuwo lé ŋku ɖe woƒe mɔwo ŋu, eye wozɔ anukwaretɔe le ŋkunye me kple woƒe dzi blibo kple luʋɔ blibo la, ekema wò amesiwo anɔ Israel-fiazikpuia dzi la, nu matso akpɔ o.


Mizɔ le nunya me le amesiwo le egodo la ŋku me, eye miwo ɣeyiɣi la ŋuti dɔ blibo.


Yehowa netsrɔ nume ŋanɛ tɔwo kple aɖe, siwo gblɔa nya gãwo,


Dawid ƒe ha na henɔ Yedutun.


Ke eya ɖo ŋu nɛ bena: Eƒo nu, abe alesi nyɔnu abunetɔwo ƒoa nui ene. Miexɔ nu nyuiwo tso Mawu si, ɖe miaxɔ vɔ̃ hã oa? Le nusiawo katã me la Hiob mewɔ nuvɔ̃ kple eƒe nuyiwo o.


Asaf ƒe ha na henɔ Yedutun.


Ke Yehu melé ŋku ɖe Yehowa ƒe seawo ŋu, ne woazɔ ɖe wo nu kple eƒe dzi blibo o; eye meɖe, asi le Yerobeam ƒe nuvɔ̃, siwo wotsɔ ble Israel de nuvɔ̃ me la nu o.


Eyata nunyala ƒe nu nede gã le ɣemaɣi, elabena ɣeyiɣi vɔe wònye.


eye Heman kple Yedutun kpakple ame tiatia susɔeawo, siwo ŋkɔ woŋlɔ la, kpe ɖe wo ŋu, ne wòadzi: „Mida akpe na Yehowa, elabena eƒe amenuveve li tegbee!“


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite