5 Medi Yehowa, etɔ nam, eye wòdem tso nye ŋɔdziwo katã me.
5 Ame siwo tsɔ woƒe ŋku da ɖe edzi la aklẽ, ŋukpe matsyɔ mo na wo o.
eye míakpɔ Yesu, si nye xɔse ƒe gɔmeɖola kple nuwula la ɖa: Amesi do dzi kpe atitsoga ƒe fu, eye mebu ŋukpe o le dzidzɔ, si woɖo ɖi nɛ la ta, eye wòbɔbɔ nɔ anyi le Mawu ƒe fiazikpui ƒe nuɖusi me.
Amesiwo katã kpɔa mɔ na wò hã, ŋu makpe wo o; ke ŋu akpe amesiwo trɔ le yowòme yakatsyɔ.
Elabena wòe nye xɔnametɔ na dukɔ ɖihiãwo, eye nèbɔbɔa ŋku kɔkɔwo ɖe anyi.
Kekeli dona na ame dzɔdzɔewo kple dzidzɔ na amesiwo ƒe dzi toa mɔ ɖeka la.
Woɖi ƒo kple aƒewò me nu gbogboawo, eye nèkpe wò vivisese ƒe tɔsisi na wo wono ɖi kɔ.
Ekema akpɔe, eye àko atsemenu, wò dzi adzo kpo, eye wòavu eɖokui; elabena atsiaƒu me nu xɔasiwo do agbogbo ɖe dziwò, eye dukɔwo ƒe kesinɔnuwo va na wò.
Mi anyigba ƒe mlɔenuwo katã, mitrɔ ɖe ŋunye, eye mina woaxɔ na mi; elabena nyee nye Mawu, ɖeke megali o.
Yaseɖe ɣekaɣi mana ŋugble dem le ɖokuinye me, eye nuxaxã anɔ nye dzi me gbesiagbe? Vaseɖe ɣekaɣi nye futɔ akɔ eɖokui ɖe dzi ɖe ŋunye?
nenema natsɔ wò ya ʋuduʋudu ati wo yomee, eye nado dzikatsoƒoe na wo kple wò ahom!
Eye wònye dzɔgbenyuie, dzidzɔ, aseyetsotso kple bubu na: Yudatɔwo.
Fia la tsyɔ nu ŋku me, eye fia la do ɣli kple gbe sesi bena: Vinye Absalom, vinye Absalom, vinye!
Tete Dawid kple eƒe amewo, woanɔ ame alafa ade, wodze mɔ, eye wodzo tso Kegila ɖo ta afisiafi le yiyim ko. Esi wova gblɔe na Saul be, Dawid si tso Kegila la, etasi hoho la.
Metso gbenye yɔ Yehowa, eye wòtɔ nam tso eƒe to kɔkɔe ta dze. Sela.
Yɔm le xaxagbe la, ekema maɖe wò, eye nade bubu ŋunye!
Amesi tso akpedada sa vɔe la, ede bubu ŋunye; eye amesi lé ŋku ɖe eƒe zɔzɔme ŋu la, mana wòakpɔ Mawu ƒe xɔname!
Gbesigbe meyɔ wò la, ètɔ nam, ède dzi ƒo nam, eye nèɖo ŋusẽ nye luʋɔ.