Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Psalmowo 33:3 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Midzi ne yeye na; mitɔ asi kaawo nu kple ŋusẽ!

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

3 Midzi ha yeye nɛ; miƒo ha nɛ kple ŋusẽ, eye míado dzidzɔɣli.

Gade chapit la Kopi




Psalmowo 33:3
15 Referans Kwoze  

Mi amesiwo toa atsiaƒu dzi, kple atsiaƒu me nuwo, mi ƒukpowo kple wo dzi nɔlawo, midzi ha yeye na Yehowa, miɖe gbe ƒã eƒe kafukafu tso anyigba ƒe mlɔenu!


eye mitso Psalmowo kple kafukafuhawo kpakple gbɔgbɔ me hawo ƒo nu kple mia nɔewo: Midzi ha, eye miƒo ha na Aƒetɔ la le miaƒe dzi me,


Woxlẽ woawo kple wo nɔvi, siwo srɔ̃ Yehowa ƒe ha la, kpe ɖe hafialawo ŋu, wole ame alafa eve kple blanyi vɔ enyi.


Mina Kristo ƒe nya la nanɔ mia me geɖe fũ, eye mitsɔ nunya sia nunya fia nu mia nɔewo, eye mixlɔ̃ nu mia nɔewo kple Psalmowo kple kafukafuhawo kpakple gbɔgbɔ me hawo, eye midzi ha le amenuveve me na Mawu le miaƒe dziwo me.


Midzi ha yeye na Yehowa, mi anyigbawo katã, midzi ha na Yehowa!


Eye wodzi ha yeye le gbɔgblɔm bena: Wòe wòdze be, naxɔ agbalẽ la, eye naɖe eƒe nutrenuawo ɖa; elabena wowu wò, eye nètsɔ wò ʋu ƒle mí tso to sia to kple gbegbɔgblɔ sia gbegbɔgblɔ kple du sia du kple dukɔ sia dukɔ me hena Mawu,


Mawu, madzi ha yeye na wò, eye maƒo ha na wò le kasaŋku ka ewo tɔ dzi;


Hadzidzi. Midzi ha yeye na Yehowa, elabena ewɔ nukunuwo! Eƒe nuɖusi kple eƒe alɔ kɔkɔe la xɔ nɛ.


Tete Dawid kple Israel blibo la le ɣe ɖum le Mawu ŋku me kple ŋusẽ katã ɖe hadzidzi, saŋku kple kasaŋku, asiʋui kple gakogoe kpakple kpẽwo ŋu.


Eye wodzi ha yeyea ɖe le fiazikpui la kple nu gbagbe eneawo kpakple amegã xoxoawo ƒe ŋku me; eye amea ɖeke mete ŋu srɔ̃ hadzidzi la o, negbe ame akpe alafa ɖeka blane vɔ ene, siwo woƒle tso anyigba dzi la koe.


Mikafu Yehowa! Midzi ha yeye na Yehowa, eƒe bubu neɖi le mawumemewo ƒe ha me!


Ehem tso gbegblẽ ƒe do la me, eye wòɖem le ba finyafinya me, etsɔ nye afɔ ɖo agakpe dzi, eye wòli ke nye afɔɖeɖewo,


Ŋutsuawo wɔ dɔla le anukware me. Eye wotsɔ Yaxat kple Obadya, amesiwo nye Lewi-viwo tso Merari viwo dome, kple Zaxarya kpakple Mesulam, amesiwo tso Kehat viwo dome, do wo nu; eye wotsɔ Lewi-vi, siwo katã nya saŋkuƒoƒo la,


Wotsɔ Kenanya, Lewi-viwo ƒe amegã, ɖo agbatsɔtsɔ nu, elabena enya mɔnu le agbatsɔtsɔ ŋu.


ede ha yeye nunye kple kafukafuha na mía Mawu la. Ame geɖewo akpɔe, eye vɔvɔ̃ aɖo wo, eye woaɖo dzi ɖe Yehowa ŋu.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite