Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Psalmowo 33:2 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Mikafu Yehowa kple kasaŋkuwo, eye miƒo saŋku ka ewo tɔ nɛ!

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

2 Mikafu Yehowa kple kasaŋkuwo, eye miƒo ha nɛ le ka ewo ƒe kasaŋku dzi.

Gade chapit la Kopi




Psalmowo 33:2
16 Referans Kwoze  

Mawu, madzi ha yeye na wò, eye maƒo ha na wò le kasaŋku ka ewo tɔ dzi;


Eye nyɔnu nyagblɔla Miryam. Aron nɔvinyɔnu, tsɔ axatse ɖe asi, eye nyɔnuwo katã tsɔ axatsewo ɖe asi le ɣe ɖum kplɔe ɖo.


Eye mese gbea ɖe tso dziƒo abe tsi geɖewo ƒe gbeɖiɖi ene, eye abe dziɖegbe sesẽa ɖe ƒe gbeɖiɖi ene, eye gbe, si mese la, le abe saŋkuƒola, siwo le woƒe saŋkuwo ƒom la, ƒe gbeɖiɖi ene.


Eye esime wòxɔ agbalẽa la, nu gbagbe eneawo kple amegã xoxo blave vɔ eneawo tsyɔ mo anyi ɖe alẽvi la ƒe ŋku me, eye saŋkuwo kple sikagba, siwo me yɔ taŋ kple atike ʋeʋẽe, si nye ame kɔkɔewo ƒe gbedodoɖawo la, le wo dome amesiame si.


woade gbe ƒã wò amenuveve le ŋdi kple wò nuteƒewɔwɔ le zãwo me,


Amesiawo katã tsoa gakogoe, saŋku kple kasaŋku ƒoa hãe le Yehowa ƒe aƒe la me le wo fofo Asaf, Heman kple Yedutun ƒe kpɔkplɔ te, abe alesi fia la ɖo ene.


Yedutun-hawo nye esi: Yedutun viwo nye: Gedalya, Zeri, Yesaya, Xasabya, Matitya kple Simei, wole wo ame ade; woawo tsɔa kasaŋku ƒoa akpedaha kple kafukafuha na Yehowa le wo fofo Yedutun ƒe kpɔkplɔ te.


Israel blibo la le aseye tsom, le kpẽ kple dze kum, le gakogoe ƒom, eye wole saŋku kple kasaŋku ƒom sesĩe hetso Yehowa ƒe nubablaɖaka la yii.


Eye Dawid gblɔ na Lewi-viwo ƒe amegãwo be, woaɖe wo nɔvi, siwo nye hadzilawo, ne woatsɔ hadzinuawo, siwo nye: saŋkuwo, kasaŋkuwo kple gakogoewo, eye woana dzidzɔha nade dzi.


Eye Dawid kple Israel ƒe aƒe blibo la le ɣe ɖum kple ŋusẽ katã hele ha dzim ɖe saŋku kple kasaŋku, axatsɛ, nyawowoe kple gakogoe ŋu le Yehowa ŋku me.


Woatsɔ ɣeɖuɖu akafu eƒe ŋkɔ, eye woafsɔ asiʋui kple kasaŋku aƒo ha nɛ!


Ekema nye hã matsɔ saŋku akafu wò le wò nyateƒe la ta, nye Mawu; maƒo gakasaŋku na wò, wò Israel ƒe kɔkɔetɔ.


de kasaŋku ka ewo tɔ, saŋku kple gakasaŋku ƒe ɖiɖi ŋu.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite