Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Psalmowo 32:7 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

7 Bebeƒe nenye nam; èkpɔ tanye le xaxa me, eye nètsɔ ɖeɖe ƒe aseyetsotso ƒo xlãm. Sela.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

7 Wòe nye nye bebeƒe, àɖem tso xaxa me, eye àtsɔ ɖeɖe ƒe aseyetsohawo aƒo xlãm. Sela

Gade chapit la Kopi




Psalmowo 32:7
18 Referans Kwoze  

Amesi bɔbɔ nɔ dziƒoʋitɔ la ƒe bebeƒe, eye wòle ŋusẽkatãtɔ la ƒe vɔvɔli te la,


Ɣaɣlaƒe kple akpoxɔnu nènye nam; wò nya la sinu dzem mele.


Elabena etsyɔ nu dzinye ɖe eƒe agbadɔ me le dzɔgbevɔ̃egbe, eye wòɣlam ɖe eƒe agbadɔ ƒe bebeƒe; ekɔm ɖo agakpe dzi.


Adrɔ̃ ʋɔnu xexeame godoo ɖe eteƒe, eye wòatso afia dzɔdzɔe na anyigba dzi dukɔwo.


Wò dɔmenyo, si nètu ɖo na amesiwo vɔ̃a wo la, esi nèɖe fia amesiwo si wò tso le amegbetɔviwo ŋku me la, sɔ gbɔ loo!


Yehowa, ɖem tso nye futɔwo si me, elabena gbɔwò mebe ɖo.


Hadzidzi. Midzi ha yeye na Yehowa, elabena ewɔ nukunuwo! Eƒe nuɖusi kple eƒe alɔ kɔkɔe la xɔ nɛ.


Ehem tso gbegblẽ ƒe do la me, eye wòɖem le ba finyafinya me, etsɔ nye afɔ ɖo agakpe dzi, eye wòli ke nye afɔɖeɖewo,


eye woɖo ɣli kple gbe gã le gbɔgblɔm bena: Xɔname nanye mía Mawu, si bɔbɔ nɔ fiazikpui la dzi, kple alẽvi la tɔ!


Tete Dawid gblɔ ha sia ƒe nyawo na Yehowa le gbesigbe Yehowa ɖee tso eƒe futɔwo katã kple Saul si me,


Ame vɔ̃ɖi kpɔa vevesese geɖe; ke amesi ɖoa ŋu ɖe Yehowa ŋu la, atsɔ amenuveve aƒo xlãe.


Elabena mieku, eye wotsɔ miaƒe agbe kple Kristo ɣla ɖe Mawu me.


Amesiwo katã ɖoa ŋu ɖe ŋuwò la, nakpɔ dzidzɔ, woatso aseye tegbee, elabena èkpɔ wo ta; amesiwo katã lɔ̃ wò ŋkɔ la, nado ɖe ŋuwò hoo!


Eye fia la de se na fiavi Yeraxmeel kple Seraya, Azriel vi, kpakple Selemya, Abdiel vi, be woaɖakplɔ agbalẽŋlɔla Barux kple nyagblɔɖila Yeremya vɛ; ke Yehowa tsɔ wo ɣla.


Ku ƒe kawo ɖe to ɖem, eye gbegblẽ ƒe tɔʋuwo do dzikatsoƒoe nam.


Tete Debora kple Barak, Abinoam vi, wodzi ha gbemagbe bena:


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite