Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Psalmowo 32:11 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

11 Míkpɔ dzidzɔ ɖe Yehowa ŋu, eye mitso aseye, mi ame dzɔdzɔewo! Migli kple dzidzɔ, mi amesiwo katã ƒe dzi to mɔ ɖeka!

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

11 Mikpɔ dzidzɔ, eye mitso aseye ɖe Yehowa ŋu, mi ame dzɔdzɔewo; midzi ha, mi ame siwo katã ƒe dzi le dzɔdzɔe!

Gade chapit la Kopi




Psalmowo 32:11
18 Referans Kwoze  

Tete vɔvɔ̃ aɖo amewo katã, woaɖe gbe ƒã Mɔwu ƒe nuwɔwɔ, eye woadze si eƒe nuwɔwɔ.


Dzi nadzɔ mi le Aƒetɔ la me ɖaasi; megale egblɔm bena: Dzi nadzɔ mi!


Mi ame dzɔdzɔewo, mikpɔ dzidzɔ de Yehowa ŋu, eye mikafu eƒe ŋkɔ kɔkɔe la!


Yehowa nye fia, anyigba netso aseye, ƒukpo geɖeawo nekpɔ dzidzɔ!


Mawu, bu fɔ wo! Woƒe adaŋudedewo netsɔ wo ƒu anyi, tu asi wo ƒu anyi le woƒe dzidada gbogboawo ta, elabena wodze aglã ɖe ŋuwò!


Abe alesi wogbɔa dzudzɔ ɖae ene la, nenema nanyã woe; alesi anyigba lólona le dzo nui la, nenema ame vɔ̃ɖiwo nu ayi le Mawu ŋku mee.


Migli kple dzidzɔ, mi ame dzɔdzɔewo, de Yehowa ŋu; kafukafuha dze nuteƒewɔlawo!


eye mia kple mia viŋutsuwo kpakple mia vinyɔnuwo, miaƒe dɔlaŋutsuwo kple dɔlanyɔnuwo kpakple Lewitɔ, siwo le miaƒe du me, amesiwo mexɔ gome alo domenyinua ɖeke kpe ɖe mia ŋu o la, míakpɔ dzidzɔ le Yehowa, mia Mawu, ŋku me.


Elabena mi amesiwo subɔa Mawu le gbɔgbɔ me la, miawoe nye aʋatsotso vavãtɔ la, eye míeƒoa adegbe le Kristo Yesu me, eye míeɖoa dzi ɖe ŋutilã ŋuti o.


Mlɔeba la, nɔvinyewo, dzi nadzɔ mi le Aƒetɔ la me! Nye la metim bena, maŋlɔ nu mawo ke aɖo ɖe mi o; ke miawo la ena kakaɖedzi mi.


Ke menye esia ɖeɖekoe o, hafi míele adegbe ƒom le Mawu me hã to mia Aƒetɔ Yesu Kristo dzi, amesi me miekpɔ avuléle le azɔ.


Wò to gã, nenye nuka ke nènye hã, azu gbadzaƒe le Zerubabel ŋku me. Eyama aɖe etamakpe adoe, eye woanɔ ɣli dom be: Eme nenye, eme nenye nɛ!


Yehowa, wɔ nyuie na ame nyuiwo kple dzime dzɔdzɔe tɔwo.


Woayra amesi Yehowa mehe vodada na o, eye eƒe gbɔgbɔ me la alakpaa ɖeke meli o.


Na ame vɔ̃ɖiwo ƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔ nu natso, eye nali ke ame dzɔdzɔe la; elabena wò, Mawu dzɔdzɔe la, édzroa dziwo kple ayikuwo me kpɔna.


Eye Xana do gbe ɖa gblɔ bena: Nye dzi le aseye tsom le Yehowa me, eye nye dzo do lɔƒuu le Yehowa me, nye nu ké baa ɖe nye futɔwo ŋu, elabena wò ɖeɖe ladzɔ dzi nam!


Mi anyigbawo katã, mitso aseye ɖe Yehowa ŋu, aseyetsotso neɖi le mia nu, eye midzi kafukafuha!


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite