Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Psalmowo 30:4 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 Yehowa, wòe he nye luʋɔ tso tsiẽƒe, eye nègbɔ agbem tso amesiwo yi aʋli me la dome.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

4 Midzi ha na Yehowa, mi eƒe ame kɔkɔewo, eye mikafu eƒe ŋkɔ kɔkɔe la.

Gade chapit la Kopi




Psalmowo 30:4
16 Referans Kwoze  

Mi ame dzɔdzɔewo, mikpɔ dzidzɔ de Yehowa ŋu, eye mikafu eƒe ŋkɔ kɔkɔe la!


Eye aʋala ade li na nu gbagbe eneawo dome ɖesiaɖe, eye ŋkuwo yɔ wo ŋuti kple wo me fũ, eye womekpɔ dzudzɔ zã kple keli o hele gbɔgblɔm bena: Kɔkɔe, kɔkɔe, kɔkɔe nye Aƒetɔ, Mawu ŋusẽkatãtɔ, amesi nɔ anyi, eye woli, eye wòle vava ge la!


Ewu eƒe dukɔ ƒe dzo ɖe dzi, eyata kafukafu neɖi le eƒe mawumemewo katã, Israel-viwo, dukɔ, si tsɔ ɖe egbɔ la nu! Mikafu Yehowa!


Wò nunɔlawo neta dzɔdzɔenyenye, eye wò mawumemewo netso aseye.


Eye Dawid ɖe amewo tso Lewi-viwo dome, ne woasubɔ le Yehowa ƒe aɖaka la ŋgɔ, woaɖo ŋku Yehowa, Israel ƒe Mawu la dzi, woada akpe nɛ, eye woakafui


Eye wodo ɣli ɖo ɖe wo nɔewo gblɔ bena: Kɔkɔe, kɔkɔe, kɔkɔe enye Yehowa Zebaot! Eƒe ŋutikɔkɔe yɔ anyigba blibo la dzi!


Miƒo nye mawumeme, siwo bla nu kplim ɖe akpedavɔsa dzi la, nu ƒu nam!


Míkpɔ dzidzɔ ɖe Yehowa ŋu, eye mitso aseye, mi ame dzɔdzɔewo! Migli kple dzidzɔ, mi amesiwo katã ƒe dzi to mɔ ɖeka!


Yehowa, ameka de nuwo le mawuwo dome? Ameka de nuwo, kpɔ ŋusẽ, eye ŋutikɔkɔe le eŋu; amesi ŋu vɔvɔ̃ le, eye wòwɔ nu gãwo kple nukunuwo?


Yehowa wua ame, eye eya ke gbɔa agbe ame, edea ame tsiẽ, eye wògahea ame ɖoa goe.


Dawid tɔ. Yehowa, wò yɔm mele. Nye aga, megado tokum o, be ne èdo tokum la, ne manɔ abe amesiwo yi aʋli me la ene o!


Elabena wò amenuveve sɔ gbɔ ɖe dzinye, eye nèɖe nye luʋɔ tso keke tsiẽƒe ʋi ke.


Edo eƒe nya da wòyɔ dɔ wo, eye wòhe wo tso woƒe ʋe la me.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite