Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Psalmowo 27:5 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 Elabena etsyɔ nu dzinye ɖe eƒe agbadɔ me le dzɔgbevɔ̃egbe, eye wòɣlam ɖe eƒe agbadɔ ƒe bebeƒe; ekɔm ɖo agakpe dzi.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

5 Elabena le xaxaɣiwo la, atsyɔ nu dzinye le eƒe nɔƒe la me; aɣlam ɖe eƒe agbadɔ ƒe bebeƒe, eye wòakɔm aɖo agakpe kɔkɔ aɖe dzi.

Gade chapit la Kopi




Psalmowo 27:5
33 Referans Kwoze  

Yehowa ƒe ŋkɔ enye mɔ sesẽ; afima ame dzɔdzɔe la sina yina, eye wònɔa dedie.


Wò dɔmenyo, si nètu ɖo na amesiwo vɔ̃a wo la, esi nèɖe fia amesiwo si wò tso le amegbetɔviwo ŋku me la, sɔ gbɔ loo!


Ne mele zɔzɔm le xaxa me la, àgbɔ agbem; àdo wò asi ɖa ɖe nye futɔwo ƒe dɔmedzoe ŋu, eye wò nuɖusi axɔ nam.


Amesi bɔbɔ nɔ dziƒoʋitɔ la ƒe bebeƒe, eye wòle ŋusẽkatãtɔ la ƒe vɔvɔli te la,


Ɣaɣlaƒe kple akpoxɔnu nènye nam; wò nya la sinu dzem mele.


Yɔm le xaxagbe la, ekema maɖe wò, eye nade bubu ŋunye!


Mele mɔ kpɔm na Yehowa kakaka, eziɔ to ɖe ŋunye, eye wòsa nye ɣlidodo.


Elabena mieku, eye wotsɔ miaƒe agbe kple Kristo ɣla ɖe Mawu me.


Dzram ɖo abe gadaglamakui le ŋkuvi me ene; ɣlam ɖe wò aʋala ƒe vɔvɔli te


Korax-viwo ƒe ha na henɔ la, ne woadzi ɖe ɖetugbiwo ƒe gbe nu.


Nye dukɔ, yi ɖe wò xɔgã me, eye nado ʋɔ ɖe ɖokuiwò nu, ɣla ɖokuiwò vie, vaseɖe esime dziku la nu nava yi.


Ayɔm, eye matɔ nɛ, meli kplii le hiã me; maɖee le eme, eye mahaɖe bubu eŋu.


Megagblẽ nu o! Dawid ƒe ha ɖe futamee na henɔ la, le esime wòsi le Saul nu yi agado la me.


Amesiame anɔ abe sitsoƒe tso ya nu, bebeƒe tso tsidzadza nu, tɔʋu le gbegbe kple agakpe gã nyadri ƒe vɔvɔli le kuɖiɖinyigba dzi ene.


Mawu, se nye ɣli, eye nalé to ɖe nye gbedodoɖa ŋu!


Mawu tsa ŋusẽ bla ali dzi nam, eye wona be, fɔɖiɖia ɖeke mele nye mɔ ŋuti o.


Elabena kpɔ ɖa, wò futɔwo nyrã, eye wò ketɔwo kɔ ta dzi.


Mekɔ gbe dzi na Mawu, eye mele ɣli dom; Mawue mekɔ gbe dzi na, ɖo tom!


Yehowa, wodi wò le hiã me, eye esi wò tohename va wo dzi la, wotrɔ woƒe dzi me nya wo ƒo ɖe anyi.


Yehowa, nukaŋuti nètsi tre ɖe adzɔge boo, eye nèɣla le xaxaɣiwo me?


Yerusalem, Yerusalem, si wu nyagblɔɖilawo, eye wòfɔ kpe ƒu amesiwo wodɔ ɖo ɖe egbɔ! Zi nenie meɖi bena, maƒo viwòwo nu ƒu, abe alesi koklonɔ ƒoa viawo nu ƒu ɖe eƒe aʋala te ene, gake mielɔ̃ o!


Eye wòɣla ɖe wo gbɔ le Mawu ƒe aƒe la me ƒe ade, eye Atalya ɖu anyigba la dzi.


Eɣla wo ɖe wò ŋku me ƒe ɣaɣlɛƒe tso amewo ƒe aglãdzedzewo nu, eye nèɣla wo ɖe agbadɔ me tso aɖeʋawɔwɔ nu.


Ehem tso gbegblẽ ƒe do la me, eye wòɖem le ba finyafinya me, etsɔ nye afɔ ɖo agakpe dzi, eye wòli ke nye afɔɖeɖewo,


Anyigba ƒe mlɔenu ke mele yɔwòm tsoe, esime nu te nye dzi ŋu; tsɔm ɖo agakpe, si kɔ nam akpa la dzi!


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite