8 Yehowa, melɔ̃ wò aƒe nɔƒe kple teƒe, si wò bubu le.
8 O! Yehowa, melɔ̃ aƒe si me nèle, afi si wò ŋutikɔkɔe le.
Eye wògblɔ na wo bena: Nuka wɔ miedim ma? Ɖe mienya bena, ele nam be, manɔ nusiwo nye fofonye tɔ me o mahã?
Eye le ŋkeke etɔ̃ megbe la eva ve me bena, wokpɔe le mawuƒe la me le anyinɔƒe le nusiawo dome, hele to ɖom wo, eye wòle nya biam wo;
Eye Xizkiya gblɔ be: Nuka nye dzesi be, mayi Yehowa ƒe me?
Yehowa le xoxo ge nam, eyata mina miaƒe saŋkuwo naɖi le Yehowa ƒe me le míaƒe agbe me ŋkekewo katã me.
Le Yehowa, mía Mawu ƒe aƒe la ta madi wò nyui.
Mawu, mía akpoxɔnu, kpɔ nu, eye nalé ŋku ɖe wò amesiamina la ƒe mo!
Nye aɖatsiwo zu nuɖuɖu nam zã kple keli, esi wole gbɔgblɔm nam edziedzi be: Afika gɔ̃ wò Mawu la le?
eye nunɔlawo mete ŋu nɔ te, be woasusɔ o, le alilikpoawo ta, elabena Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe yɔ Mawu ƒe xɔ la.
Eye esi wònye ɖe mekpɔ dzidzɔ le nye Mawu ƒe aƒea ŋu ta la, mena nye ŋutɔ nye sika kple klosalo, siwo metu ɖo la, ɖe nye Mawu ƒe aƒe la ŋu kpe ɖe nusiwo katã medzra ɖo ɖe kɔkɔeƒe ƒe xɔ la ŋuti la ŋu:
Ke fia la gblɔ na Zadok bena: Gbugbɔ Mawu ƒe aɖaka la yi dua mee! Ne Yehowa ve nunye la, ekema akplɔm agbɔe, eye wòana makpɔe kple afisi wòle
Esi Salomo do gbe da vɔ la, dzo tso dziƒo va fiã numevɔsawo kple akpedavɔsawo, eye Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe yɔ xɔ la.
Eye nunɔlawo mete ŋu yi ɖe Yehowa ƒe xɔ la me o, elabena Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe yɔ Yehowa ƒe xɔ la.
Tete gbɔgbɔ la kɔnu eye mese hoowɔwɔ abe anyigbaʋuʋu gãa ɖe ene le megbenye, esime Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe ho le eteƒe,