4 Nyemebɔbɔ nɔ ame tovowo gbɔ o, eye nyemede afɔ gbedegblemimewo ƒe ha me o.
4 Nyemanɔ anyi ɖe ameblelawo dome, alo ade ha kple alakpanuwɔlawo o.
Nyemebɔbɔ nɔ nukolawo dome le dzidzɔ kpɔm o, ke boŋ nye ɖeka mebɔbɔ no aga le wò alɔ ta, elabena ètsɔ dziku yɔ menye fũ.
Woayra amesi mezɔna ɖe ame vɔɖiwo ƒe aɖaŋuɖoɖo nu o, amesi metsia tsitre ɖe nuvɔ̃wɔlawo fe mɔ dzi o, eye menɔa anyi ɖe fewuɖulawo ƒe ha me o;
Ne èzɔ kple nunyalawo la, àdze nunya; ke ne ède ha kple bometsilawo la, azu emegbegblẽ.
Mi nu vlo wɔlawo, mite ɖa le ŋunye, ne malé nye Mawu ƒe seawo me ɖe asi.
Eyaŋuti mido go le wo dome, eye miɖe mia ɖokui ɖa, Aƒetɔ la gblɔe, eye migaka asi nu makɔmakɔ ŋuti o, eye nye la maxɔ mi,
Xɔlɔ̃ menye na amesiwo katã vɔ̃a wò kple amesiwo léa ŋku de wò sededewo ŋu.
Migana woable mi o! Habɔbɔ vɔ̃wo gblẽa nuwɔna nyuiwo.
Amesi de eƒe agble la, akpa abolo fu; ke amesi le nu ƒuƒluwo yome dim la, tagbɔ meli nɛ o.
Miɖe asi le bometsitsi ŋu, ne mianɔ agbe, eye milé gɔmesese ƒe mɔ tsa tẽ!
Nenye ɖe metsɔ aʋatsokaka ɖo dɔe, eye nye afɔ tsona ɖe alakpadada ŋu la,
Dzi matomɔɖekɛ nete ɖa le ŋunye, nyemele naneke dim, be manya le nu vɔ̃ɖi ŋu o.