Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Psalmowo 26:3 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Elabena wò amenuveve le ŋkunye me, eye mezɔ le wò nyateƒe me.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

3 elabena wò lɔlɔ̃ le ŋkunye me ɖaa, eye mezɔna le wò nyateƒe la me ɣe sia ɣi.

Gade chapit la Kopi




Psalmowo 26:3
25 Referans Kwoze  

ke ne míele kekeli me zɔm, abe alesi eya ŋutɔ le kekeli me ene la, ekema míedo ƒome kple mía nɔewo, eye Via Yesu Kristo ƒe ʋu la klɔa nuvɔ̃ katã ɖa le mía ŋuti.


Oo Yehowa, ɖo ŋu, alesi mezɔ le ŋkuwò me le nyateƒe kple dzi blibo me, kple alesi mewo nusi nyo le ŋkuwò me la. Eye Xizkiya fa avi kple ɣli.


Dzi dzɔm ŋutɔ bena, mekpɔ viwòwo dometɔa ɖewo le nyateƒe la me zɔm, abe alesi miexɔ se tso Fofo la gbɔ ene.


Ke mikɔ dome ɖe mia nɔewo ŋu, eye miaƒe dɔme natrɔ ɖe mia nɔewo ŋu, eye mitso ke mia nɔewo, abe alesi Mawu tso ke mi le Kristo me la ene.


Elabena mienya mia Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe amenuveve bena, kesinɔtɔ wònye hafi, ke mia ŋuti wòva da ahe ɖo, bene miawo la miato eƒe ahedada la me nazu kesinɔtɔwo.


Ke mí katã mietso ŋku, si wometsyɔ nui o la, kpɔ Aƒetɔ la ƒe ŋutikɔkɔe abe ahũhɔ̃e me ene, eye wotrɔa míaƒe nɔnɔme ɖe nɔnɔme ma ke me tso ŋutikɔkɔe me yi ɖe ŋutikɔkɔe me, abe alesi wòtso Gbɔgbɔ ƒe Aƒetɔ la gbɔ ene.


Yesu gblɔ nɛ bena: Nyee nye mɔ la kple nyateƒe la kpakple agbe la, amea ɖeke mevaa Fofo la gbɔ o, negbe to dzinye ko.


Mizu nublanuikpɔlawo, abe alesi mia Fofo hã nye nublanuikpɔla ene.


Mitrɔ ɖe nufiame kple ɖaseɖiɖi la ŋu! Ne womegblɔ alea o la, ekema agu medze na wo o.


Yakob ƒe aƒe, mitso, ne míazɔ le Yehowa ƒe kekeli me!


Wò dzɔdzɔenyenye le dzɔdzɔe tegbee, eye wò se la nye nyateƒe.


Malé ŋku ɖe maɖifɔmɔ ŋu. Ɣekaɣi nèle gbɔnye va ge? Mazɔ le nye dzi ƒe fɔmaɖimaɖi me le aƒenye me.


Yehowa, fia wò mɔm, ne mazɔ le wò nyateƒe la me; tsa nye dzi ɖo nu ɖeka kolia ŋu, ne mava wò ŋkɔ!


Dawid ƒe nufiameha na henɔ la,


Na mazɔ le wò nyateƒe me, eye nafia num; elabena wòe nye nye xɔname Mawu, wòe mele mɔ kpɔm na ɣesiaɣi.


Lɔlɔ̃tɔ, megasi nu vɔ̃ɖi o, ke srɔ̃ nu nyui boŋ. Amesi wɔa nu nyui la, Mawu gbɔ wòtso, eye amesi woa nuvɔ̃ la, mekpɔa Mawu o.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite