Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Psalmowo 26:1 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Dawid tɔ. Tso afia nam, Yehowa, elabena fɔɖiɖi mele nye zɔzɔme ŋu o, eye meɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu, nyemeʋã o!

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

1 O! Yehowa, tso afia nam, elabena menɔ agbe si ŋu fɔɖiɖi mele o. Meɖo dzi ɖe Yehowa ŋu, nyemeʋã kpɔ gbeɖe o.

Gade chapit la Kopi




Psalmowo 26:1
30 Referans Kwoze  

Yehowa enye nye ŋusẽ kple nye akpoxɔnu, eya ŋu nye dzi le ŋu ɖom ɖo, eye wòxɔ nam; eyata nye dzi le aseye tsom, eye matsɔ nye ha akafui.


Dukɔwo ƒe amehawo ɖe to ɖe wò, to wo dzi nagbugbɔ ayi dziƒo!


Ame dzɔdzɔe, si ƒe zɔzɔme ŋu fɔɖiɖi mele o la, eme anyo na viawo le emegbe.


Elabena éɖoe wonye yayra tegbee, eye nètsɔ dzidzɔkpɔkpɔ na eƒe dzeme kɔ la ŋkuwò me.


Oo Yehowa, ɖo ŋu, alesi mezɔ le ŋkuwò me le nyateƒe kple dzi blibo me, kple alesi mewo nusi nyo le ŋkuwò me la. Eye Xizkiya fa avi kple ɣli.


Ameka gɔ̃ yome Israel-fia la dze, eye ameka yome nètí? Avũ kuku alo dosu ɖeka kolia?


Eyata, nɔviwo, miɖo vevie wu tsãtɔ, bena miali ke mia yɔyɔ kple tiatia la sesĩe; elabena ne miewɔ nusiawo la, miada vo akpɔ o.


amesiwo ŋu wodzo le Mawu ƒe ŋusẽ me to xɔse me hena xoxo, si su te, bene woaɖee afia le ɣeyiɣi mamletɔ dzi,


mina míalé mɔkpɔkpɔ me ʋuʋu ɖe asi sesĩe, bene magaʋã o; elabena amesi na ŋugbedodo la, enye nuteƒewɔla;


Elabena miaƒe adegbeƒoƒo enye esi: Míaƒe dzitsinya ƒe ɖase, si wòɖina bena, miezɔ le xexe sia me le Mawu ƒe dzimekɔkɔ kple dzi dzadzɛ me, eye menye ŋutilã ƒe nunya me o: ke le Mawu ƒe amenuveve me boŋ, vevietɔ le mia dome.


Amegbetɔvɔvɔ̃ mɔ̃e wònye ɖea eme; ke amesi doa dzi de Yehowa ŋu la, woakpɔ eta.


Mana ke naɖe le wò afɔ te o; ŋuwòdzɔla medɔa akɔlɔ̃e o.


Ne mele gbɔgblɔm be, nye afɔ le ʋaʋãm la, Yehowa, wò amenuveve léam ɖe asi.


Nye luʋɔ, zi ɖoɖoe na Mawu kpoo ko, elabena eya gbɔ nye mɔkpɔkpɔ tso.


Nyateƒee, doɖoe zi le nye luʋɔ ŋu kpoo na Mawu, eya gbɔ nye xɔname tso.


Dawid ƒe nufiameha na kasaŋkuwo ƒe henɔ,


Tso afia nam, Mawu, eye nawɔ nye dzre kple dukɔ malɔ̃ame la nam; ɖem tso alakpatɔ kple ame vlo la si me!


Eƒe Mawu ƒe se la le eƒe dzi me, eye eƒe afɔɖeɖe meʋãna o.


Yehowa, nye Mawu, ɖrɔ̃ ʋɔnum ɖe wò dzɔdzɔenyenye la nu, ne womagakpɔ dzidzɔ ɖe ŋunye o!


Elabena mese ame geɖewo ƒe dalidodo be: „Ŋɔdzi nede to ɖee!“ Wode adaŋu kple wo nɔewo de ŋunye be, yewoaɖe nye agbe ɖa.


Ke nyea mazɔ fɔmaɖitɔe; ɖem, eye nave nunye!


Fɔmaɖimaɖi kple dzadzɛnyenye nakpɔ tanye, elabena mele mɔ kpɔm na wò.


Nye Mawu, wò ŋu mele ŋu dom ɖo; megana ŋu nakpem, ne nye futɔwo natso aseye ɖe ŋunye o!


Amesi fɔɖiɖi mele eƒe zɔzɔme ŋu o, ewɔa nu dzɔdzɔe, eye wòtoa nyateƒe le eƒe dzi me;


Dzi neku mi, ke migawɔ nuvɔ̃ o! Miƒo nu le dzi me le míaƒe abawo dzi, eye mizi ɖoɖoe! Sela.


Ekpɔa eƒe ame dzɔdzɔewo ƒe afɔ dzi, ke ame vlowo atsrɔ̃ ɖe viviti me; elabena ame ƒe ŋusẽ mena wòzua dziɖula o.


Yehowa gblɔ na Satana be: Ele ŋku ɖe nye dɔla Hiob ŋua? Elabena enye ame maɖifɔ, ame dzɔdzɔe kple mawuvɔ̃la, eye wòtsri nu vɔ̃ɖi, ye amea ɖeke mede enu le anyigba dzi o. Egale eƒe dzɔdzɔenyenye me ɖe asi ko, ke woa ède adã ta me nam, be magblẽ edome naneke mawɔmawɔe.


Ɖe menye wò mawuvɔvɔ̃ enye wò dziɖeƒo oa? Eye wò zɔzɔ meɖitɔ la enye wò mɔkpɔkpɔ oa?


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite