Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Psalmowo 24:3 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Ameka alia Yehowa ƒe to, eye ameka atsi tre ɖe eƒe teƒe kɔkɔe la?

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

3 Ame kae alia Yehowa ƒe togbɛ? Ame kae atsi tsitre ɖe eƒe kɔkɔeƒe la?

Gade chapit la Kopi




Psalmowo 24:3
19 Referans Kwoze  

Dawid ƒe ha. Yehowa, ameka adze wò gbadɔ me, eye ameka anɔ wò to kɔkɔe la dzi ma?


Eyata esi míexɔ fiaɖuƒe, si meʋuʋuna o la, mina míada akpedada, si me miato asubɔ Mawu wòadze eŋu, hekpe ɖe mawusosroɖa kple evovo ŋuti.


Míaƒe vodadawo ɖo kpo ɖe mía dzi: ke ètsɔ míaƒe dzidadawo ke.


Kpɔ ɖa, mele nye dɔla dɔ ge ɖa, ne wòata mɔ le ŋgɔnye, eye Aƒetɔ, si ta biam miele la, ava eƒe gbedoxɔ me zi ɖeka kpoyi, kpɔ ɖa, nubabla ƒe dɔla, si ɖim miele la, le vava ge, Yehowa ye gblɔe.


Ke nye la meɖo fianye le Zion, nye to kɔkɔe la dzi.


Mawu ƒe tasiaɖamwo le akpe nane teƒe akpe. Aƒetɔ la le wo dome. Sinai ye le kɔkɔeƒe la.


Eye Mose gblɔ na Aron bena: Ke esia gblɔm Yehowa le enye sia bena: Maɖe ɖokuinye afia amesi te ɖe ŋunye la, abe kɔkɔetɔ ene, eye maɖe nye ŋutikɔkɔe afia le dukɔ blibo la ŋku me. Tete Aron zi kpi.


Eye wòtu xɔwo na eɖokui ɖevi Dawid ƒe du la me, eye wòwɔ nɔƒe na Mawu ƒe aɖaka la, eye wòtu agbadɔ nɛ.


Yesu gblɔ nɛ bena: Megaka asi ŋunye o; elabena nyemekpɔ yi dziƒo, Fofo la gbɔ, haɖe o, ke yi nɔvinveŋutsuwo gbɔ, eye nagblɔ na wo bena: Meyina dziƒo ɖe Fofonye kple miawo hã mia Fofo, nye Mawu kple miawo hã mia Mawu la gbɔ.


Simon Petro gblɔ nɛ bena: Aƒetɔ, afika nèyina? Yesu ɖo ŋu nɛ bena: Afisi nye la meyina la, mele ŋule ge adze yonyeme fifia o; ke emegbe la adze yonyeme.


Eye Yehowa gblɔ nam bena: Amevi, ɖo ŋku anyi nakpɔ nu kple ŋku, eye nase nya, siwo katã gblɔ ge mala na wò le Yehowa ƒe aƒe ƒe ɖoɖowo katã kple sewo katã ŋu la, kple wò to; lé ŋku ɖe afisi woato age ɖe aƒe la me kple kɔkɔeƒe la ƒe afisiwo katã woato ado la ŋu.


Eyata ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Amedzro, siwo nye bolotɔwo, wometso dziʋa hã na wo o, amedzro, siwo katã le Israel-viwo dome la dometɔa ɖeke megava nye kɔkɔeƒe la o;


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite