Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Psalmowo 23:4 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 Ne mezɔ bali doblukɔ tsiɖitsiɖi me hã, nyemavɔ̃ dzɔgbevɔ̃ea ɖeke o, elabena wòe le gbɔnye; wò atikplɔ kple wò atizɔti faa akɔ nam.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

4 Ne mezɔ to ku ƒe balime si do viviti tsiɖitsiɖi hã la, nyemavɔ̃ dzɔgbevɔ̃e aɖeke o, elabena wòe le gbɔnye, eye wò lãkplɔti kple atikplɔ faa akɔ nam.

Gade chapit la Kopi




Psalmowo 23:4
26 Referans Kwoze  

megavɔ̃ o, elabena meli kpli wò; ŋɔ megadzi wò o, elabena nyee nye wò Mawu, mali ke wo, makpe ɖe ŋuwò, eye matsɔ nye xoname ƒe nuɖusi alé wò.


Yehowa li kplim, nyemavɔ̃ o, nuka amegbetɔ awɔm?


Ne mele zɔzɔm le xaxa me la, àgbɔ agbem; àdo wò asi ɖa ɖe nye futɔwo ƒe dɔmedzoe ŋu, eye wò nuɖusi axɔ nam.


Memlɔ anyi, eye meɖɔ alɔ; meganyɔ, elabena Yehowa lém ɖe asi.


be wòaklẽ na amesiwo bɔbɔ nɔ viviti kple ku ƒe vɔvɔli me, be wòaɖo míaƒe afɔwo ŋutifafa ƒe mɔ dzi.


Tsɔ wò atikplɔ kplɔ wò dukɔ, wò ŋutɔ wò lãha, siwo ɖe ɖe aga le ave me le Karmel dzi; woaɖu gbe le Basan kple Gilead abe blema ene.


Midzudzɔ, ne miadze sii be, nyee nye Mawu; meɖo kpo ɖe dukɔwo dzi, meɖo kpo ɖe anyigba dzi!


miaha wo bena, woawɔ nusiwo katã meɖo na mi la; eye kpɔ ɖa, nye la meli kpli mi ŋkekeawo katã vaseɖe xexeame ƒe nuwuwu.


„Kpo da, ɖetugbi, si menya ŋutsu o la, le fu fɔ ge, eye wòadzi ŋutsuvi, eye woayɔ eƒe ŋkɔ be Imanuel, si gome ènye: Mawu li kpli mi.“


Aƒetɔ Yesu Kristo nanɔ anyi kple wò gbɔgbɔ la! Amenuveve nanɔ anyi kpli mi!


Eye womegblɔ be: Afika Yehowa, amesi kplɔ mí tso Egipte-nyigba dzi la le hã o; eya amesi kplɔ mí to gbe dzi, to kuɖiɖinyigba kple blukɔ tsiɖitsiɖi ƒe anyigba dzi, to anyigba, si dzi amea ɖeke metona o, afisi amegbetɔa ɖeke mele o la dzi.


Míaƒe dzi mefe ɖa o, eye míaƒe afɔɖede mete ɖa le wò mɔ dzi o.


Dzidzi ƒo wo ŋutɔ le afima, elabena Mawu le dzidzime dzɔdzɔe la dome.


Viviti kple blukɔ negbugbɔe yii, alilikpo dodo netsyɔe edzi, eye zãdokeli neɖo dzikatsoƒoe nɛ!


Tete metsɔ nye atikplɔ, „dɔmefafã“, eye meŋee, ne matu nye nu, si mebla kple dukɔwo katã la.


Yehowa ado wò ŋusẽ ƒe fiatikplɔ da tso Zion be: Ɖu fia le wo futɔwo titina!


Elabena viviti tsiɖitsiɖi le na wo katã abe agudzedze ene, eye wodzea xɔlɔ̃ zãblukɔ ƒe ŋɔdzi.


Ale Yehowa Zebaot gblɔ esi: Ɣemaɣi la ŋutsu awu atso dukɔwo ƒe gbegbɔgblɔwo kalã me alé Yuda-ŋutsu ɖeka ƒe awu toga agblɔ bena: Miayi kpli mi, elabena míese be, Mawu li kpli mi.


Emegbe meŋe nye atikplɔ evelia, „ɖekawɔwɔ“, ne ma gblẽ Yuda kple Israel ƒe nɔviwɔwɔ dome.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite