9 Nefae na Yehowa, axɔ nɛ, eye wòaɖee, elabena eƒe nu nyo eŋu.
9 Ke wòe hem tso vidzidɔ me, eye le danye ƒe no nu ke, èna meka ɖe dziwò.
Ŋuwò meziɔ ɖo tso danye ƒe dɔ me ke, eye danye ƒe dɔ me nèɖem tsoe, nye kafukafu enye tɔwò ɖaa.
Mawu, èfia num tso nye ɖevime ke, eye meɖe gbe ƒã wò nukunuwo vaseɖe fifi.
ne eƒe dziɖuɖu nakeke ta, eye seƒeɖo manɔe na ŋutifafa le Dawid ƒe fiazikpui dzi kple eƒe fiaɖuƒe la me o, ne wòafɔe ɖe te, eye wòatsɔ ʋɔnudɔdrɔ̃ dzɔdzɔe ali kee tso fifia ɖaseɖe mavɔ me. Yehowa Zebaot ƒe ŋuʋaʋã awɔ esia ade goe.